Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 11:6 - Agbenya La

6 Ana dzoka xɔxɔ kple aŋɔ dzodzoe nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye ya xɔdzo anye wo tɔ gome.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ana dzoka nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye dzo, aŋɔ kple ya xɔdzo anye woƒe kplu me nu.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 11:6
25 Mawu Ofanana  

Tete Yehowa na dzo kple aŋɔ xɔdzo dza tso dziƒo ɖe Sodom kple Gomora dzi,


Ena woka nuɖuɖu na wo tso eya ŋutɔ ƒe kplɔ̃ dzi. Ena wona nuɖuɖu Benyamin wòsɔ gbɔ zi atɔ̃ wu ame bubuawo tɔ. Emegbe la, wona aha wo wono. Dzi dzɔ wo ŋutɔ.


Wolɔa ke kɔna ɖe mɔka dzi nɛ le anyigba eye wotrea mɔ ɖe eƒe mɔ me.


Dzo bibi xɔ aƒe ɖe eƒe agbadɔ me eye aŋɔka bibi kaka ɖe eƒe nɔƒe.


Ne eƒe ƒodo yɔ nyuie la Mawu atrɔ eƒe dziku bibi akɔ ɖe edzi eye wòana eƒe dɔmedzoe nadza ɖe edzi.


Etrɔ woƒe tsidzadza wòzu kpetsi, eye dzikedzo kpe ɖe eŋuti le woƒe anyigba blibo la dzi.


Yehowa, èɖo tɔnye gome kple nye kplu da ɖi nam; èna nye gomekpɔkpɔ le dedie nam.


Yehowa ɖe gbe tso dziƒo, eye Dziƒoʋĩtɔ la na wose eƒe gbe.


Ame vɔ̃ɖiwo kpea fu geɖe, ke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ƒoa xlã ame siwo ɖoa dzi ɖe eŋu la.


Kplu aɖe le Yehowa ƒe asi me, wain si lɔ fu ɖe nu, eye wotsɔ nu ʋeʋĩ tɔtɔe la le eme; ekui na ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi, wonoe, no ahaƒã si le egɔme la hã ƒiaƒiaƒia.


Nyɔ, nyɔ! O! Yerusalem, fɔ, wò ame si ƒe dɔmedzoekplu le Yehowa ƒe asi me. Wò ame si no nu muame la wòvɔ ƒioƒioƒio, kplu si nana amewo zɔna sɔgɔsɔgɔ.


Ale wò Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi, wò Mawu si ʋli eƒe dukɔ ta la be, “Kpɔ ɖa, mexɔ kplu si na nèle mumum sɔgɔsɔgɔ la le asiwò. Màgano nye dɔmedzoe ƒe nu muame la le kplu sia me azɔ gbeɖe o.


Esiae nye tɔwò kple wò gomekpɔkpɔ si meɖo ɖi na wò, elabena ègblẽm ɖi hedze aʋatsomawuwo yome.


“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Eya ta le nye dɔmedzoe me la, mana ya sesẽ aɖe naƒo, eye le nye dziku me la, mana tsikpe kple tsi nadza bababa, eye woagblẽ nu.


Madrɔ̃ ʋɔnui kple dɔvɔ̃ kple ʋukɔkɔɖi. Makɔ tsidzadza, tsikpe kple aŋɔ xɔdzo ɖe eya kple eƒe aʋakɔ kple dukɔ geɖe siwo le edzi la dzi.


Azɔ eɖo wò hã dziwò. Noe nàɖe amama eye ŋukpe nava dziwò le ŋutikɔkɔeteƒe. Kplu si Yehowa lé ɖe eƒe nuɖusime la gbɔna gbɔwò eye ŋukpe atsyɔ wò ŋutikɔkɔe dzi.


va se ɖe ŋdi si Lɔt dzo le Sodom. Eye dzo kple dzokpe xɔxɔwo dza tso dziƒo hetsrɔ̃ ameawo katã.


Yesu gblɔ na Petro be, “Tsɔ wò yi la de aku me. Ɖe mele be mano kplu si Fofo la tsɔ nam la oa?”


Ne ɣeyiɣi de be Elkana nasa vɔ la, aka vɔsalã la ƒe ɖe na srɔ̃a Penina kple via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo katã.


Samuel gblɔ na nuɖuɖudzikpɔla la be, “Tsɔ lãkɔ damitɔ si mede asi na wò be nadzra ɖo nam la vɛ nam.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa