Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 11:4 - Agbenya La

4 Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; Yehowa le eƒe fiazikpui dzi le dziƒo. Elé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu, eye wòdo wo kpɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, Yehowa, amesi ƒe fiazikpui le dziƒo la, ƒe ŋkuwo le ekpɔm, eƒe aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 11:4
28 Mawu Ofanana  

Tso esime meɖe Israel tso Egipte la, agbadɔwo ko me menɔna, meʋu tso agbadɔ ɖeka me yi bubu me va se ɖe egbe.


elabena Yehowa ƒe ŋku kpɔa nu yia megbe kple ŋgɔgbe siaa to xexe blibo la me eye wòdia ame siwo nɔa eyome kple dzi blibo ale be yeate ŋu aɖe yeƒe ŋusẽ triakɔ la afia to kpekpeɖeŋunana wo me. Èwɔ bometsinu eya ta tso azɔ dzi yina la, ànɔ aʋawɔwɔ dzi.”


Ɖewohĩ ana woaɖe dzi ɖi abu be yewole dedie gake eƒe ŋkuwo le woƒe mɔwo ŋu.


Yehowa ɖo eƒe fiazikpui anyi ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe le wo katã dzi ɖum.


Ame kae le abe Yehowa, míaƒe Mawu la ene, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi le dziƒo,


Dzro menye, o Mawu, eye nànya nye dzi; dom kpɔ, eye nànya nye susu si tsi dzodzodzoe.


Yehowa bi kɔ kpɔ amegbetɔviwo ɖa tso dziƒo, be wòakpɔe ɖa be nugɔmesela aɖe le wo dome, eye wòdia Mawu vevie mahã?


Meyɔ Yehowa le nye xaxa me; medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke, eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me.


Ame si woɖo zi dzi le dziƒo la ko nu, eye Yehowa ɖe alɔme le wo ŋu.


Yehowa bi kɔ tso dziƒo ke, eye wòkpɔ amegbetɔviwo katã.


ɖe Mawu manya esi wònya dzimenu ɣaɣlawo katã oa?


Ele fia ɖum kple eƒe ŋusẽ tegbee, eƒe ŋku le dukɔwo ta kpɔm, aglãdzela aɖeke megatso ɖe eŋuti o. Sela


Midzi kafukafuhawo na Yehowa, ame si nɔ fiazikpui dzi gli le Zion, miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.


Yehowa ƒe ŋkuwo le afi sia afi eye eƒe ŋkuwo le ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa ŋu.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Dziƒoe nye nye fiazikpui, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Afi ka xɔ si miatu nam la le? Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ.


“Nye Yehowae dzroa dziwo me, eye medoa susuwo kpɔ be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe zɔzɔme kple nu si eƒe nuwɔwɔwo dze na la nu.”


Ɖe ame aɖe abe ɖe bebeƒe aɖe be nyemate ŋu akpɔe oa?” Yehowae gblɔe. “Ɖe nyemeyɔ dziƒo kple anyigba taŋtaŋ oa?” Yehowae gblɔe.


Mi dukɔwo katã miɖo to nya sia, wò anyigba kple edzinɔlawo katã mise ɖa; Aƒetɔ Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me eye wòtsɔ nya ɖe mia ŋuti!


Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, xexea me katã nazi ɖoɖoe le eŋkume.


Mi anyigbadzitɔwo katã mizi ɖoɖoe le Yehowa ŋkume, elabena etso le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.”


eye ne mieta gbedoxɔ la, ekema mietae kple Mawu, ame si nɔa eme la.


gake nye ya, mele egblɔm na mi be, migata nu kura o, elabena ne ègblɔ be meta Dziƒo la, èdze agɔ, elabena dziƒoe nye Mawu ƒe nɔƒe.


“ ‘Nye fiazikpuie nye dziƒo, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Aƒe ka ƒomevi koŋ ame ate ŋu atu nam? Aƒetɔ la gblɔe. Alo Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ?


Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu, eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene, eye wòable amewo be yee nye Mawu.


Naneke mele nuwɔwɔ blibo la me si le ɣaɣla ɖe Mawu o. Woklo nu le nu sia nu dzi, eye wòle ƒeƒle le Mawu, ame si míava na akɔntae la ƒe ŋkume.


Tete menɔ Gbɔgbɔ la me, eye fiazikpui aɖe si le dziƒo la nɔ nye ŋkume, eye ame aɖe nɔ edzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa