3 Esi wole gɔmeɖokpeawo gbãm la, nu ka dzɔdzɔetɔ la awɔ?”
3 Elabena wogbã gɔmeɖoɖoanyiwo ke hã, nuka ame dzɔdzɔe ate ŋu wɔ ma?
Ke hã la, ame dzɔdzɔewo alé woƒe mɔwo me ɖe asi eye asi dzadzɛtɔwo akpɔ ŋusẽ ɖe edzi.
Ne anyigba kple edzinɔlawo ʋuʋu kpekpekpe la, nyee léa eƒe sɔtiwo ɖe asi sesĩe. Sela
“Womenya naneke o, womese naneke gɔme o. Wole zɔzɔm le blukɔ me, eye anyigba ƒe agunuwo katã ʋuʋu.
Wò amewo agbugbɔ blemaƒedowo atu, eye woaɖo gli ɖe gbe aɖe gbe tɔwo ƒe gɔmeɖokpe xoxowo dzi. Woayɔ wò be ‘Gli gbagbãwo ɖɔɖola kple mɔtata siwo to duwo me la dzraɖola.’
Ke hã la, Mawu ƒe gɔmeɖokpe sesẽ la le te, eye wode dzesii kple nya siawo be, “Aƒetɔ la nyaa ame siwo nye etɔ vavãwo,” eye, “Ame sia ame si ʋua Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la, nate ɖa tso ŋutasesẽ gbɔ.”