Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 103:5 - Agbenya La

5 Ame si tsɔa nu nyuiwo ɖia ƒo na wò didiwo, ale be wò ɖekakpuinyenye gaɖoa yeye me abe hɔ̃ tɔ ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 amesi tsɔa nu nyui ɖia ƒo na wò amegãkuku, ale be wò ɖekakpuinyenye gaɖoa yeye me abe hɔ̃ tɔ ene.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 103:5
12 Mawu Ofanana  

tete eƒe ŋutilã zua yeye abe ɖevi tɔ ene eye wògaɖoa eƒe nɔnɔme me abe eƒe ɖekakpuimeŋkekewo me ene.


Ne èna wo la, woƒonɛ ƒu; eye ne èʋu wò asi la, ètsɔa nu nyui ɖia ƒo na wo.


Elabena etsɔa nu nyuiwo ɖia ƒoe na ame siwo dɔ kple tsikɔ le wuwum.


Èɖo kplɔ̃ ɖe akɔnyeme le nye ketɔwo ƒe ŋkume. Èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gbagba.


Nye luʋɔ aɖi ƒo abe nuɖuɖu nyuitɔ kekeakee wòɖu ene; hadzidzi anɔ nu nam, eye nye nu adzi kafukafuhawo na wò.


Woayra ame siwo nètia, eye nèkplɔ wo vɛ be woanɔ wò xɔxɔnuwo! Ètsɔ wò aƒe me, wò gbedoxɔ kɔkɔe la me nu nyuiwo ɖi ƒoe na mí.


gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me. Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene. Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o. Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o.


Afi ma magbugbɔ eƒe waingble la nɛ, eye matrɔ eƒe Nuxaxa ƒe Balime la wòazu Mɔkpɔkpɔ ƒe Agbo. Adzi ha kple dzidzɔ abe ale si wònɔ nɛ le eƒe ɖetugbime esi wòdo go tso Egipte ene.”


Esia ta ɖeɖi metea mía ŋu o, eye míana ta o. Togbɔ be míaƒe ŋutilãwo le gbɔdzɔgbɔdzɔm hã la, ŋusẽ si tso Aƒetɔ la gbɔ, eye wòle mía me la le tsitsim ɖe edzi gbe sia gbe.


Gblɔ na kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la katã be womegada wo ɖokuiwo, eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu.


gake ŋusẽ le ŋunye fifia abe ale si menɔ esime Mose ɖo mí ɖe ŋkutsaƒe ene. Magate ŋu azɔ mɔ, awɔ aʋa fifia abe ɣe ma ɣi ene,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa