Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 103:4 - Agbenya La

4 Ame si ɖea wò agbe tso ʋe me, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ɖɔna na wò.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 amesi ɖea wò agbe tso gbegblẽ me, eye wòtsɔa amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ɖɔna na wò,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 103:4
15 Mawu Ofanana  

Mawudɔla si ɖem tso xaxa ɖe sia ɖe me la nayra ɖevi siawo, woade bubu nye ŋkɔ ŋu, eye woade bubu fofonye Abraham kple Isak ƒe ŋkɔwo ŋu. Mawu naɖi ne woazu dukɔ gã aɖe.”


Abe ale si ɣedzeƒe didii tso ɣetoɖoƒe gbɔ ene la, nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa tso mía gbɔe.


Ètsɔ yayra xɔasi geɖewo do dza nɛ, eye nètsɔ fiakuku si wowɔ kple sika nyuitɔ la ɖɔ nɛ.


Yehowa ɖea eƒe dɔlawo, eye womabu fɔ ame siwo katã sinɛ tsona la o.


O! Yehowa, èyraa ame dzɔdzɔewo vavã, eye nètsɔa wò amenuveve ƒoa xlã wo abe akpoxɔnu ene.


Elabena èɖem tso ku me, eye nèna be nye afɔwo hã magaɖiɖi o, ne mate ŋu azɔ le Mawu ŋkume le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.


Ètsɔ wò kesinɔnu gbogboawo ɖo atsyɔ̃e na ƒe la, eye wò agblekekewo yɔ gbagba.


Nye nuyiwo ado dzidzɔɣli, ne mele kafukafuhawo dzim na wò, nye ame si nèɖe.


Èwɔe wòsɔ kple Mawu kloe, eye nètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ.


Le nyateƒe me la, nye nyonyo tae nèna meto vevesese mawo me. Wò lɔlɔ̃ na be nèɖem tso gbegblẽ ƒe do globo me, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒu gbe ɖe megbe wò.


Le nye dziku sesẽ la me meɣla nye mo ɖe wò ɣeyiɣi kpui aɖe, gake matsɔ dɔmenyo si nɔa anyi tegbee la ave nuwòe.” Yehowa, wò Ɖelae gblɔe.


Woayra ame si doa dzi le tetekpɔ me la, elabena ne enɔ te va se ɖe nuwuwu la, axɔ agbefiakuku si ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo lɔ̃nɛ la.


Ekema ne Alẽkplɔlagã la ado la, miaxɔ ŋutikɔkɔefiakuku si ƒe keklẽ maklo akpɔ gbeɖe o.


Wodzi ha yeye be, “Wòe dze be nàʋu agbalẽ la, eye nàɖe nutrenu adreawo ɖa, elabena wowu wò kpɔ, eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewoe na Mawu. Tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, Nuto ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa