“Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu.”
ame si ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame akpe nanewo, eye wòtsɔa ame vɔ̃ɖiwo kple aglãdzelawo ƒe nu vɔ̃wo kea wo, ke megbea tohehe na vodalawo o, eye wòhea to na ɖeviwo ɖe wo fofowo ƒe vodadawo ta tso dzidzime etɔ̃lia va se ɖe enelia dzi.”
Le nyateƒe me la, nye nyonyo tae nèna meto vevesese mawo me. Wò lɔlɔ̃ na be nèɖem tso gbegblẽ ƒe do globo me, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒu gbe ɖe megbe wò.
Ke woƒo nu ɖee le míaƒe dzidadawo ta. Wogbãe gudugudu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Tohehe si he ŋutifafa vɛ na mí la le eya amea dzi, eye eƒe abi siwo wòxɔ la yɔ dɔ mí.