Ame kae nye esi gbɔna tso Bozra le Edom, eye aŋɔ dzĩ ƒo eƒe awuwo? Ame kae nye esi ɖo atsyɔ̃, eye wòle zɔzɔm le eƒe ŋusẽ triakɔ me? “Nyee le nu ƒom le dzɔdzɔenyenye me. Ŋusẽ le asinye be maɖe ame.”
Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe dɔmenyo, Yehowa ƒe nu siwo wòwɔ na mí, esiwo ta wòle be woakafui ɖo. Ɛ̃, kpe ɖe nu nyui siwo katã wòwɔ na Israel ƒe aƒe la ŋu, le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyo gbogboawo ta la,