Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 103:12 - Agbenya La

12 Abe ale si ɣedzeƒe didii tso ɣetoɖoƒe gbɔ ene la, nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa tso mía gbɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Alesi ɣedzeƒe didi tso ɣetodoƒe gbɔe la, nenema wòte mía dzidadawo da boo tso mía gbɔe.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 103:12
14 Mawu Ofanana  

“Nyee, ɛ̃, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemagaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o.


Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le kekeli me ene la, ekema míebɔ ha kple mia nɔewo, eye Yesu Kristo si nye Via ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti.


Afi ka woagakpɔ Mawu bubu le wòanɔ abe wò si tsɔa wò domenyinu mamlɛawo ƒe nu vɔ̃wo kple dzidadawo kena la ene? Mèdoa dɔmedzoe ɖikaa o, ke boŋ èkpɔa dzidzɔ le amenuveve ŋuti.


Le nyateƒe me la, nye nyonyo tae nèna meto vevesese mawo me. Wò lɔlɔ̃ na be nèɖem tso gbegblẽ ƒe do globo me, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒu gbe ɖe megbe wò.


Ame aɖeke magafia nu ehavi alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o, elabena wo katã woadze sim tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,” Yehowae gblɔe. “Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Yehowae gblɔe.


Ne ɖe vɔsa mawo te ŋu wɔ wo blibo la, ne womedzudzɔ vɔsasa oa? Elabena anye ne vɔsa la kɔ ame siwo sanɛ la ŋuti zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, eye woƒe dzitsinyawo magabu fɔ wo le woƒe nu vɔ̃wo ta o.


David ʋu eme nublanuitɔe na Natan be, “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.” Natan ɖo eŋu be, “Ɛ̃, gake Yehowa tsɔe ke wò eye màku le nu vɔ̃ sia ta o


Yehowa be, “Le ŋkeke mawo me, le ɣe ma ɣi me, woatsa, adi Israel ƒe agɔdzedze gake womakpɔ ɖeke o eye woadi Yuda ƒe nu vɔ̃wo gake womakpɔ ɖeke o, elabena matsɔe ake ame susɔe siwo megblẽ ɖi.”


Ale be tso afi si ɣe dzena tsona va se ɖe afi si wòɖoa to ɖo la, amewo nanya be Mawu bubu aɖeke mesɔ kplim o. Nyee nye Yehowa. Bubu aɖeke megali o.


Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣeyiɣi si ɣe adze va se ɖe esi wòaɖo to ɖe afi si wòɖoa to ɖo.


Mawu ŋusẽtɔ, Yehowa ƒo nu heyɔ takpekpe na anyigba la tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to.


Mekplɔ wò vodadawo dzoe abe lilikpo ene, eye mena wò nu vɔ̃wo nu va yi abe ahũ si dza le fɔŋli ene. Trɔ̃ va gbɔnye, elabena meɖe wò.”


Womagaɖo ŋku nu vɔ̃ siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke dzi ɖe eŋu o. Le nu nyui siwo wòwɔ ta la, anɔ agbe.


Àgakpɔ nublanui na mí, atiti afɔ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo dzi eye àtsɔ míaƒe dzidadawo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa