Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 103:11 - Agbenya La

11 Elabena abe ale si dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe ene la, nenemae eƒe lɔlɔ̃ loloe na ame siwo vɔ̃nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena alesi dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe la, nenema eƒe amenuveve nu se de amesiwo vɔ̃nɛ la dzii.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 103:11
12 Mawu Ofanana  

“Ɖe Mawu mele dziƒo kɔkɔtɔ oa? Ɖe mekpɔ ale si ɣletivi kɔkɔtɔwo kɔkɔe oa?


Gake tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ li kple ame siwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi kple wo viwo ƒe viwo


Elabena eƒe lɔlɔ̃ na mí sɔ gbɔ ŋutɔ, eye Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ li tegbee. Mikafu Yehowa.


Èɣla wo ɖe ɣaɣlaƒe si le gbɔwò, tso amewo ƒe ayemenuwo gbɔ. Èɣla wo ɖe nɔwòƒe be woanɔ dedie tso aɖeɖiƒoame gbɔ.


O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ kɔ ɖatɔ dziƒowo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ tɔ dziŋgɔli ke.


elabena wò lɔlɔ̃ keke ta, yi ɖatɔ dziƒo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli.


Maɖe gbeƒã be wò lɔlɔ̃ li ke tegbee, eye nèɖo wò nuteƒewɔwɔ anyi ɖe dziƒo ŋutɔŋutɔ.


Abe ale si dziƒo kɔe eye anyigba gogloe ene la, nenemae womate ŋu adzro fiawo ƒe dzi me o.


“Abe ale si dziƒowo kɔ boo tso anyigba gbɔe ene la, nenema kee nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo, eye nye susuwo kɔ wu miaƒe susuwo.


Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa