Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 103:1 - Agbenya La

1 O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa; nu siwo katã le menye la, mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid tɔ. Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye nusianu, si le menye la, mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 103:1
19 Mawu Ofanana  

Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔwɔwɔwo katã, le afi sia afi, le eƒe dziɖuɖu te. O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa.


O! Luʋɔnye, kafu Yehowa. O! Yehowa, nye Mawu, èlolo loo; èɖo atsyɔ̃, eye nèta gãnyenye.


Mikafu Yehowa. Mado Yehowa ɖe dzi kple nye dzi blibo le ame dzɔdzɔewo ƒe adaŋudeha me kple amehawo dome.


O! Yehowa, makafu wò kple nye dzi blibo; madzi wò kafukafuha le mawuwo ŋkume.


Mado wò ɖe dzi, nye Mawu, fia la. Makafu wò ŋkɔ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


elabena Mawue nye Fia ɖe anyigba blibo la dzi, midzi kafukafuha nɛ.


Nye luʋɔ aɖi ƒo abe nuɖuɖu nyuitɔ kekeakee wòɖu ene; hadzidzi anɔ nu nam, eye nye nu adzi kafukafuhawo na wò.


Wonekafu wò ŋkɔ gã, dziŋɔ la, eya amea le kɔkɔe.


Wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gbɔ be, “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la; anyigba blibo la katã yɔ fũu kple eƒe ŋutikɔkɔe.”


Mawu nye Gbɔgbɔ, eye ame siwo le esubɔm la, ele be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.”


Ekema nu ka mawɔ? Mawɔ nu eve siawo. Mado gbe ɖa kple gbɔgbɔ eye magado gbe ɖa le kple tamesusu, ale be ame sia ame nase egɔme. Madzi ha le gbe manyamanyawo me eye magadzii le gbe nyanyɛ la hã me, ale be mase kafukafuha si dzim mele la gɔme,


Nye gbedodoɖa ɖe mia tae nye be miayɔ fũu, eye miagbã go kple lɔlɔ̃ na mia nɔewo, eye nenema ke, mianɔ tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔmenunya kple sidzedze me.


Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu.


Aʋala ade nɔ nu gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe aʋalawo ŋu kpe ɖo, eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔ ha dzim madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be, “ ‘Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe, nye Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,’ ame si nɔ anyi va yi, eli fifia, eye wògale vava ge.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa