Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 102:8 - Agbenya La

8 Nye futɔwo le alɔme ɖem le ŋunye ŋkeke blibo la, eye ame siwo tso ɖe ŋunye la tsɔ nye ŋkɔ wɔ ɖiŋudonui.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Alɔ̃dɔdɔ zu dɔ, eye mele abe xevi tsi akogo le xɔta ene.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 102:8
15 Mawu Ofanana  

Nu ka ta dukɔwo le nugbe ɖom, eye amewo le nu dzodzrowo ɖom?


Nye futɔwo le gbɔgblɔm tso ŋunye fewuɖutɔe be, “Ɣe ka ɣi gɔ̃e wòle kuku ge ne eƒe ŋkɔ natsrɔ̃?”


ne mese futɔ la ƒe gbe, alo ne ame vɔ̃ɖi la tro ŋku ɖem. Elabena wohe fukpekpe va dzinye, eye wogblɔa nya vɔ̃wo ɖe ŋunye le woƒe dɔmedzoe me.


Vlododo na nye dzi gbã, eye mezu xɔnamemanɔsitɔ; mekpɔ mɔ na babadoname, gake ɖeke meli o. Mekpɔ mɔ na akɔfalawo, gake nyemekpɔ ɖeke o.


Mebu gbe aɖe gbe ŋkekewo kple blemaƒewo ŋu.


O! Yehowa, ɖo ŋku vlodoame si wò futɔwo tsɔ le alɔme ɖem le wò amesiamina ƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋuti la dzi.


Miagblẽ miaƒe ŋkɔwo ɖi na nye ame tiatiawo woawɔ wo ŋu dɔ abe fiƒodenuwo ene. Aƒetɔ Yehowa awu mi, ke eƒe dɔlawo ya la, atsɔ ŋkɔ bubu na wo.


Le wo ta la, ame siwo katã yi aboyo me le Babilonia tso Yuda la awɔ fiƒodenya siawo ŋu dɔ, ‘Yehowa awɔ wò abe Zedekia kple Ahab ene, ame siwo Babilonia fia tɔ dzoe.’


Nuwɔna sia do dziku na Yesu ƒe futɔwo ŋutɔ. Wode asi ɖoɖowɔwɔ me le nu si woate ŋu awɔ Yesu la ŋuti.


Mewɔ funyafunya ƒomevi geɖewo Kristotɔ siawo le ƒuƒoƒewo katã be wogblɔ busunya. Melé fu ame siawo ale gbegbe be metia wo yome yia du bubuwo ke hã me.


Stefano ƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ŋutɔ. Wodo dziku vevie henɔ nyanyram le wo ɖokuiwo me.


Kristo mewɔ nu be yeadze ye ɖokui ŋu o. Abe ale si Psalmokpala gblɔe ene la, “Eva be yeakpe fu, eye yeaxɔ dzudzu tso ame siwo tututu tsi tsitre ɖe Aƒetɔ la ŋu la gbɔ.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa