Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 101:8 - Agbenya La

8 Ŋdi sia ŋdi la, mana ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi la nazi ɖoɖoe. Maɖe nu tovo wɔla ɖe sia ɖe ɖa le Yehowa ƒe du la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Magblẽ anyigba dzi ame vɔ̃ɖiwo katã ŋdi sia ŋdi, ne matsrɔ̃ nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã ɖa le Yehowa ƒe du la me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 101:8
16 Mawu Ofanana  

Tɔsisi aɖe li, esi ƒe tsiwo doa dzidzɔ na Mawu ƒe du, teƒe kɔkɔe, afi si Dziƒoʋĩtɔ la nɔna.


Zion to la kɔkɔ henya kpɔ ale gbegbe, eye wònye dzudzɔdonu na anyigba blibo la. Fia gã la ƒe du, si le abe Zafon to kɔkɔe la ene.


Abe ale si míese ene la, nenemae míekpɔe le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la kple míaƒe Mawu la ƒe du mee. Mawu na wòanɔ dedie tegbetegbe. Sela


maŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzowo, ke woado ame dzɔdzɔewo ƒe dzowo ɖe dzi.


Èkɔ nye dzo ɖe dzi abe to tɔ ene, eye nèkɔ ami nyuitɔwo ɖe dzinye.


Nu tovo wɔwɔ nye ŋunyɔnu na fiawo elabena woɖoa fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi.


Fia nyanu gbɔa ame vɔ̃ɖiwo eye wòzɔa wo dzi kple luƒotasiaɖam.


Ne fia nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi be yeadrɔ̃ ʋɔnu la, eɖe vɔ̃wo katã ɖa kple eƒe ŋkuwo.


O David ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ŋdi sia ŋdi, mixɔ na ame si woda adzoe la le ŋutasẽla si, ne menye nenema o la, nye dziku agbã go, abi abe dzo ene, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.


Miaganɔ anyigba si nye Yehowa tɔ la dzi o, Efraim atrɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔwo le Asiria.


Miɖo tom, mi Yakob ƒe aƒe ƒe kplɔlawo kple mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Mi ame siwo gbe nu le dzɔdzɔenyenye gbɔ eye mietrɔa gbo nu siwo katã le dzɔdzɔe.


Nu makɔmakɔ aɖeke mage ɖe eme gbeɖe o; nenema kee nye ŋunyɔnuwɔlawo kple ameblelawo hã, negbe ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽ la me koe age ɖe eme.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa