Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 101:5 - Agbenya La

5 Made ga nu na ame si ƒo ɖi ehavi ƒe ŋkɔ le bebeme, eye ame si ŋku gã le esi eye wòdana le dzi me la, eya nyematɔ ɖe egbɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Amesi lia ehavi ŋu le adza me la, matsrɔ̃e ɖa; amesi dadaŋku le ta nɛ, eye eƒe dzi vu gbloto la, mia kplii ƒe ŋɔlime meƒo go o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 101:5
25 Mawu Ofanana  

Togbɔ be Yehowa le dzi me ke hã la, ekpɔa ame dahewo gbɔ, ke edzea si dadala tso adzɔge.


eye ameŋugbegblẽ mele aɖe dzi nɛ o, ame si mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye meƒoa ɖi nɔvia amegbetɔ o,


Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui, ke ame siwo si dadaŋku le la, èɖiɖia wo ɖe anyi.


Ègblɔa nya tsia tsitre ɖe nɔviwò ŋu, eye nèƒoa ɖi dawòvi ŋutsu.


Mègaɖi aʋatsoɖase ɖe hawòvi ŋuti o.


“Mègakaka aʋatsonyawo o, eye mègaɖu aʋatsoɖasefo na ame vɔ̃ɖi o.


Ame si ɣla fuléle ɖe eƒe dzi me la, alakpanuyi le esi eye ame si nɔa ame ŋu gblẽm la, bometsilae.


Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla eya ta ƒo asa na ŋutsu nukpoloeƒola.


Ŋku gã kple dzi si me dada le lae nye ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi, evɔ wòhenye nu vɔ̃.


Abe ale si anyieheya hea tsidzadza vɛ ene la, nenema amenyagblɔɖe dea adã mo na amee.


ame siwo si ŋku gã le ɣe sia ɣi, eye wokpɔa ame ɖeƒomevie;


Woaɖiɖi ŋkugãtolawo katã ɖe anyi, eye woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi. Gbe ma gbe la, Yehowa ɖeka ko woado ɖe dzi.


Le mewò la, ameŋugblẽlawo li, siwo dina vevie be yewoakɔ ʋu ɖi. Le mewò la, amewo li, siwo ɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi, eye wowɔa ŋukpenanuwo.


Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.


“ ‘Mèganye sakplisala anɔ yiyim le wò dukɔ me o. “ ‘Mègade nɔviwò asi be woatso kufia nɛ o, elabena nyee nye Yehowa.


Mele egblɔm na mi be nudzɔla sia trɔ yi aƒe me kple dzidzɔ, elabena Mawu tso afia nɛ. Ke wometsɔ Farisitɔ la ƒe nu vɔ̃ kee o, elabena woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi eye woado ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la ɖe dzi.”


Nu si mewɔnɛ lae nye be migade ha kple ame siwo le wo ɖokuiwo yɔm be kristotɔwo, gake woganye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, amebalawo, legbasubɔlawo, ahanomunɔwo kple dzrewɔlawo o. Migaɖu nu kple ame siawo ƒomevi gɔ̃ hã o.


Ele na wo srɔ̃nyɔnuwo be woanye ame ɖɔŋuɖowo, ke menye ahatsunolawo kple amenyagblɔlawo o, ke boŋ woawɔ nuteƒe le nu sia nu me.


Nenema ke, fia nyɔnu tsitsiwo be woafa tu, eye woabu ame le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam, nɔa nya vlowo gblɔm tso amewo ŋu la o, eye womanye ahatsunolawo hã o.


“Mèganɔ nu ƒom dadatɔe nenema o, elabena Yehowae nye Mawu si nya nu sia nu eye wòdaa miaƒe nuwɔnawo kpɔna.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa