Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 101:2 - Agbenya La

2 Makpɔ nyuie be menɔ agbe si ŋu mokaka mele o, eya ta gbe ka gbe nàva asrãm kpɔ? Mazɔ le aƒenye me kple dzi si ŋuti mokaka mele o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Malé ŋku ɖe maɖifɔmɔ ŋu. Ɣekaɣi nèle gbɔnye va ge? Mazɔ le nye dzi ƒe fɔmaɖimaɖi me le aƒenye me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 101:2
22 Mawu Ofanana  

Kpe ɖe esia ŋu la, metiae be eƒe dzidzimeviwo nanye mawuvɔ̃lawo, ame siwo anye ame dzɔdzɔewo kple nuteƒewɔlawo, ale be mate ŋu awɔ nu siwo katã ŋugbe medo nɛ la.”


David ɖu Israel blibo la dzi kple dzɔdzɔenyenye eye wòwɔ nyui na ame sia ame.


vevietɔ le eƒe tsitsime. Wodo ŋusẽe be wòasubɔ woƒe mawuwo le esime wòasubɔ Yehowa, eƒe Mawu le nyateƒe me kple dzi blibo abe ale si fofoa, Fia David wɔ ene la teƒe.


“Ne àzɔ le ŋkunye me, aɖi anukware kple dzimekɔkɔ kpakple dzɔdzɔenyenye abe fofowò David ene, eye nàwɔ nye seawo dzi, alé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la,


Togbɔ be megbã nuxeƒewo ɖa le Israel o hã la, Asa ƒe dzi nɔ Yehowa ŋu blibo le eƒe agbemeŋkekewo katã me.


Le Yuda la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nyɔ didi sesẽ aɖe le dukɔ blibo la me be woawɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi abe ale si fia la kple eŋumewo bia tso wo si la ene.


Nye ŋku anɔ nuteƒewɔlawo ŋu le anyigba dzi, be woanɔ anyi kplim. Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, anye nye nunɔla.


Meka atam, eye meɖo kpe edzi be, wò se dzɔdzɔewo yome ko manɔ.


Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo, be mate ŋu alé nye Mawu ƒe sewo me ɖe asi!


Ke nye la, menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, eya ta ɖem, eye nàkpɔ nublanui nam.


Ke nye la, meda ahe, eye hiã le tu yem, O! Aƒetɔ, ɖo ŋku dzinye. O! Nye Mawu, wòe nye nye kpeɖeŋutɔ kple nye xɔname, mègahe ɖe megbe o.


“ ‘Mitsɔ anyi ɖi vɔsamlekpuiwo nam. Miwɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo kple alẽwo kple nyiwo le wo dzi nam. Miɖi vɔsamlekpuiwo ɖe teƒe siwo mafia mi la ko, eye mava yra mi le teƒe mawo.


“O! Yehowa, ɖo ŋku ale si metsɔ dzi blibo kple nyateƒe zɔ le ŋkuwò mee, eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwòme la dzi.” Eye Hezekia fa avi kple ɣli.


Ele be nàkui ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me alo ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple fɔfɔɣi abe nu gbãtɔ ene le ŋdi me.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!”


Ahimelek ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖe ame ɖeka aɖe le wò subɔlawo katã dome si nye nuteƒewɔla na wò abe wò toyɔvi, David enea? Eyae nye ŋuwòmewo ƒe amegã eye wòganye wò aƒemetɔ si amewo buna la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa