Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 100:2 - Agbenya La

2 Misubɔ Yehowa kple dzidzɔ, eye mitsɔ aseyetsohawo do ɖe eŋkume.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Misuhɔ Yehowa kple dzidzɔ, eye mitsɔ aseyetsotso do ɖe eŋku me!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 100:2
15 Mawu Ofanana  

Esi ŋu ke la, edo mɔ ameawo wodzo. Woyra fia la hafi dzo yi aƒe me; dzidzɔ kple aseyetsotso yɔ woƒe dziwo me ɖe nu nyui siwo katã Yehowa wɔ na eƒe dɔla, David kple eƒe dukɔ, Israel la ta.


Fia Hezekia kple eŋumewo ɖe gbe na Levitɔwo be woakafu Yehowa kple David kple nukpɔla Asaf ƒe hagbewo. Ale wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ eye wode woƒe tawo agu hesubɔ.


Azɔ la, Hezekia ma nunɔlawo kple Levitɔwo ɖe hatsotsowo me hena nu vɔ̃ vɔsa kple akpedavɔ sasa eye be woasubɔ Yehowa, atsɔ akpedada kple kafukafu nɛ.


Nu siawo dzi meɖo ŋkue esi meyi ɖokuinye me. Tsã la, nyee kplɔa amehawo; menɔa ŋgɔ kplɔa wo yina ɖe gbedoxɔ me, eye dzidzɔɣli kple kafukafuhawo dea dzi le ŋkekenyuiɖulawo dome kɔtɔɔ.


Nye nuyiwo ado dzidzɔɣli, ne mele kafukafuhawo dzim na wò, nye ame si nèɖe.


Mina míado ɖe eŋkume kple akpedada, eye míadoe ɖe dzi to saŋku kple hadzidzi me.


Miawo kple mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo kple miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo miatso aseye le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu ŋkume. Miɖo ŋku edzi miakpe Levitɔwo be woaɖu nu kpli mi, elabena anyigba aɖeke mele woawo ya si o.


Enye ɣeyiɣi si dzi nàtso aseye le, le Yehowa wò Mawu ŋkume kple wò ƒometɔwo kple wò dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo. Mègaŋlɔ Levitɔwo, amedzrowo, ahosiwo kple tsyɔ̃evi siwo le mia dome la be o. Kpe wo be woava ɖu ŋkekenyui la kpli wò le kɔkɔeƒe la.


Esia anye dzidzɔɣi kple aseyetsoŋkekenyui na wò kple wò ƒometɔwo kple wò subɔlawo siaa. Ɖo ŋku edzi nàkpe Levitɔwo, amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo kple ahosi siwo le wò du me.


Esi mèsubɔ Yehowa wò Mawu kple dzidzɔ le nu nyui siwo katã wòwɔ na wò o la ta,


Mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me ɣe sia ɣi. Megale egblɔm ake be, “Dzi nedzɔ mi!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa