Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 10:8 - Agbenya La

8 Edea xa ɖe kɔƒewo xa; ewu ame maɖifɔwo le xame, eye wòtsa ŋu na ame si wòalé le bebeme.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Enɔa xa me ɖe agblekɔƒewo xa, ebena wua ame maɖifɔ, eye wònɔa ŋu tsam na ame kudɔewo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 10:8
14 Mawu Ofanana  

Hekpe ɖe legbasubɔsubɔ si Yehowa lé fui, subɔsubɔ si me Manase he ameawo dee ŋu la, Manase wu ame maɖifɔ geɖewo eye ame siwo wòwu la ƒe kukuawo xɔ Yerusalem ƒe akpa sia akpa.


Ne viviti do la, hlɔ̃dola la tsona hewua ame dahewo kple hiãtɔwo, le zã me la, enɔa zɔzɔm abe fiafitɔ ene


Wodo afɔ nam, eye azɔ la, woɖe to ɖem, woƒe ŋkuwo le te ne woaxlãm ɖe anyigba.


Wowu ahosiwo kple amedzrowo, eye wowu tsyɔ̃eviwo hã.


Mègade xa ɖe ame dzɔdzɔe ƒe aƒe ŋu o, mègava ha enɔƒe o


“Ke wò ŋku kple dzi ku ɖe viɖe ƒoɖi, ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi, ameteteɖeto kple amebaba ko ŋuti.”


Ètsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ ŋɔ ta nɛ esi eƒe asrafowo dze mía dzi be yewoakaka mí. Wole gbe tem abe ɖe wodi be yewoavuvu nublanuitɔ siwo si be la ene.


Azɔ Aƒetɔ Yesu tia nusrɔ̃la bubu blaadre-vɔ-eve, eye wòdɔ wo eveve ɖo ɖe du kple kɔƒe siwo me eya ŋutɔ ɖo be yeava yi emegbe la me.


Le esia megbe la, Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ɖe asi eye wode asi tsatsa me le du kple kɔƒe siwo le Galilea nutowo me la me nɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe ŋu nyanyui la.


Sekemtɔwo be ɖe mɔ si yi to la dzi la dzi na Abimelek. Esi wonɔ elalam be wòava yi la, woda adzo ame siwo va to mɔ la dzi yina. Ke ame aɖe fi tofi na Abimelek le nugbe si woɖo ɖe eŋu la ŋuti.


Fia la ɖe gbe na Doeg be, “Wò ŋutɔ wu wo!” Ale Doeg, Edomtɔ la wu nunɔla blaenyi-vɔ-atɔ̃wo le esime wonɔ nunɔlawo ƒe awu me.


Mikpɔ afi si tututu wòbe ɖo eye miatrɔ ava gblɔe nam. Ekema mayi kpli mi eye ne anya nɔ afi ma lɔƒo ko la, ne wòahiã be madii le nuto me blibo la hã la, madii eye makpɔe kokoko!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa