Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 10:7 - Agbenya La

7 Fiƒode, alakpa kple ŋɔdzidodo yɔ eƒe nu me fũu, eye gbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi le eƒe aɖe te.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ɖiŋudodo, alakpa kple ŋutasẽnya yɔ nu me nɛ taŋ, eye gbegblẽ kple dzɔgbevɔ̃e le eƒe ade te.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 10:7
29 Mawu Ofanana  

Wofɔa fukpekpe ƒe fu, hedzia nu vɔ̃ɖi eye beble ɖoa atsyɔ̃ ɖe woƒe vidzidɔwo me.”


“Togbɔ be nu vɔ̃ɖi vivi le eƒe nu me, eye wòɣlae ɖe eƒe aɖe te,


Ame sia ame kaa aʋatso na ehavi, eye wovivia nu me, elabena woƒe nuyiwo blea ame.


Wonyre woƒe aɖewo wole ɖaɖam abe da tɔ ene, eye da ƒe aɖi le woƒe nuyiwo ŋu. Sela


Na fukpekpe si ame siwo ɖe to ɖem ƒe nuyiwo he vɛ la, nanye tsyɔ woƒe ta dzi.


Xɔ nam, eye nàɖem tso amedzrowo ƒe asi me, ame siwo ƒe nu me yɔ fũu kple alakpa, eye woƒe nuɖusi blea ame.


ame siwo ƒe nu me yɔ fũu kple alakpa, eye woƒe nuɖusi blea ame.


Eƒe numenyawo vɔ̃ɖi, henye beble sɔŋ, eye wòdzudzɔ nuwɔwɔ ɖe nunya me kple nu nyui wɔwɔ.


Ne ame aɖe ɖi tsa va be yeakpɔm ɖa la, edaa alakpa, eƒe dzi ƒoa ameŋugblẽnyawo nu ƒu, eye wòdoa go yina kakanɛ.


Womate ŋu axɔ nya siwo doa go tso woƒe nu me la ɖeka pɛ hã dzi ase o, woƒe dzi yɔ fũu kple gbegblẽ. Woƒe ve me le abe yɔdo si le ʋuʋu ɖi la ene, eye wotsɔa woƒe aɖe gblɔa alakpanyawoe.


Nya vlowo doa go le nuwò, eye wò aɖe blea ame.


O! Wò alakpaɖe, èlɔ̃ nya gbegblẽwo sɔŋ ko!


Eƒe nuƒo zrɔ̃ dredredre abe notsi kpekpe ene, evɔ aʋawɔwɔ le eƒe dzi me; eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami, gake wonye yi siwo woɖe le aku me lé ɖe asi.


Ame vɔ̃ɖiwo tra mɔ tso keke woƒe vidzĩ me ke, eye tso wo dadawo ƒe dɔ me ke, wodze aglã, hedaa alakpa.


Nya sia nya si doa le wo nu la nye nu vɔ̃, woƒe dada nazu abe mɔ ene aɖe wo, Le fiƒodenya kple alakpanya siwo wogblɔ ta la,


fia wo kple dziku, fia wo va se ɖe esime womaganɔ anyi o. Ekema woanya va se ɖe anyigba la ƒe mlɔenu ke, be Mawue nye fia ɖe Yakob dzi. Sela


Woɖoe vavã be yewoatutui tso eƒe nɔƒe kɔkɔ la, elabena wolɔ̃a alakpadada. Wotsɔa woƒe nuwo gblɔa yayranyawoe, ke fiƒode le woƒe dzi me. Sela


Wonyrea woƒe aɖewo abe yi ene, eye wodzidzea woƒe nyawo ɖe ame dzi abe aŋutrɔ siwo nu aɖi le la ene.


Ame si fɔ nu vɔ̃ɖi ƒe fu, eye dzɔgbevɔ̃e zu fu wòfɔ la, adzi beble ƒe vi.


Woɖua fewu, ƒoa nu vlodoametɔe, eye le woƒe dada me la, woklẽa ŋku ɖe amewo be woabɔbɔ na wo.


Kesinɔnu si wotsɔ alakpaɖe kpɔe la nu va yina kaba abe ƒuƒu ene eye wònye mɔ si ŋu aɖi vɔ̃ɖi le.


Te aʋatsokaka kple alakpa ɖa xaa tso gbɔnye, mègatsɔ ahedada alo hotsuikpɔkpɔ nam o, ke boŋ na nye gbe sia gbe ƒe abolo kom.


Ame aɖeke meli si gblɔna be wometso afia dzɔdzɔe o. Ame aɖeke meʋlia eɖokui ta to mɔ dzɔdzɔe dzi o, ke boŋ woɖoa ŋu ɖe nyahehe dzodzrowo ŋu. Wodaa alakpa. Wofɔa fuɖename ƒe fu hedzia nu vɔ̃ɖi.


Yehowa be, “Wovua woƒe aɖewo abe dati ene ne woada alakpaŋutrɔ. Menye nyateƒee wotsɔ le dzi ɖum le anyigba la dzi o. Wotsoa nu vɔ̃ ɖeka gbɔ yia bubu gbɔ eye womenyam o.


Amebeble le gã dom ɖe edzi. Le woƒe amebeble ta la, wogbe sidzedzem.” Yehowae gblɔe.


Misee ɖa, mi ame siwo baa ame dahewo, heɖoa afɔ hiãtɔwo dzi.


Mi, da ƒe dzidzimeviwo! Aleke mi ame vɔ̃ɖi siawo miate ŋu agblɔ nya nyui aɖee? Elabena nya sia nya si ame gblɔna la tso eƒe dzi me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa