Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 10:5 - Agbenya La

5 Eƒe mɔwo dzea edzi nɛ nyuie ɣe sia ɣi, edoa eɖokui ɖe dzi, wò sewo didi tso egbɔ; eye wòɖoa hehe ɖe eƒe futɔwo ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eƒe nuwɔwɔ dzea dzi nɛ ɣesiaɣi; wò ʋɔnudɔdrɔ̃ le dziƒo ʋi tso egbɔ, eye wòɖoa ƒuƒu de eƒe ketɔwo katã yome.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 10:5
23 Mawu Ofanana  

Mawu kpɔ ale si xexea me va gblẽe, elabena ame siwo katã nɔ xexea me la ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi.


Azɔ la, David kplɔ eƒe aʋawɔlawo yi Yerusalem be woawɔ aʋa kple Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem. Ke Yebusitɔwo gblɔ na David be, “Màte ŋu axɔ afi sia o, ŋkuagbãtɔwo kple xɔdrɔ̃wo gɔ̃ hã axe mɔ na wò!” Wogblɔ alea elabena wobu be yewonɔ dedie.


Nyagblɔɖila aɖe va kpɔ Israel fia Ahab eye wògblɔ nɛ be ale Yehowa gblɔe nye esi, “Èkpɔ futɔ la ƒe aʋakɔ siawoa? Matsɔ wo katã ade asi na wò egbe, ekema ànya mlɔeba be, nyee nye Yehowa!”


Ɖewohĩ ana woaɖe dzi ɖi abu be yewole dedie gake eƒe ŋkuwo le woƒe mɔwo ŋu.


Yehowa be, “Esi wotea ame gblɔewo ɖe to, eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ. Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me.”


Elabena mebiã ŋu ɖokuiŋudzela esi mekpɔ ale si nu le edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwoe.


Aleae ame siwo tia viɖe ƒoɖi yome la ƒe nuwuwu anɔ, elabena eɖea ame siwo ƒe asi su edzi la ƒe agbe ɖa.


Nunyalawo ƒe agbemɔ ɖo ta dzi, be wòakpe ɖe eŋu magaɖiɖi ayi ɖe tsiẽƒe o.


ame siwo gblea mɔ dzɔdzɔetɔwo ɖi hezɔna le mɔ doblukɔwo dzi,


ame siwo ƒe mɔwo glɔ̃ eye wotrana le woƒe mɔwo dzi.


Mègabiã ŋu ame vɔ̃ɖiwo o, mègadi woƒe hamenɔnɔ o


Baba na ame siwo wɔa se madzɔmadzɔwo, ame siwo dea se siwo tea ame ɖe anyi,


O! Yehowa, wò abɔ de dzi bobobo, gake womekpɔe o. Na woakpɔ ale si nètsɔ dzo ɖe wò amewo ŋuti ne ŋu nakpe wo; na be dzo si nèdzra ɖo ɖi na wò futɔwo la nava fia wo.


Miegblɔna dadatɔe be, “Míeɖo nubabla me kple ku, eye míeɖo gbe ɖi kple yɔdo. Nenye be dɔvɔ̃ zɔ va yi la, maka asi mía ŋu o, elabena míetsɔ alakpa wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míetsɔ beble wɔ míaƒe bebeƒee.”


Eya ta wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la kple aʋawɔwɔ ƒe nu vlowo kɔ ɖe wo dzi. Ena dzo bi ƒo xlã wo, gake womese egɔme o. Dzo la fia wo, gake mede dzi gbɔ na wo o.


Kasaŋkuwo kple saŋkuwo ɖina le miaƒe kplɔ̃ɖoƒewo, axatsɛwo, kpẽwo kple wain bɔna ɖe eŋu, gake wometsɔ ɖeke le eme na Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo alo ade bubu eƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu o.


Ame sia ame si si nunya le la, ase nu siawo gɔme. Ame sia ame si bua ta me la, neɖo to, elabena Yehowa ƒe mɔwo le dzɔdzɔe, eye ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi, ke nu vɔ̃ wɔlawo ya akli nu, adze anyi.


Nu tovo siwo wɔm nye dukɔ le la, le abe movinu siwo wowɔ le Gibea gbe aɖe gbe va yi ene. Mawu aɖo ŋku woƒe nu vɔ̃ɖiwo dzi, eye wòahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.


gbegblẽ kple nuxaxa le woƒe mɔwo dzi,


Le esime wonɔ nuŋeŋeŋkekenyui ɖum le Sekem le ƒe ma me le woƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, amewo no wain nyuie eye wode asi fiƒoƒo de Abimelek me.


Tete Zebul biae be, “Afi ka wò numeɖiɖi gbogboawo le azɔ? Ame kae gblɔ be, ‘Ame ka gɔ̃e nye Abimelek eye nu ka ta wòaɖu fia ɖe mía dzi?’ Ame siwo ŋu nèɖu fewu le eye nèƒo fi de wo la le dua godo fifi laa! Do go nàkpe aʋa kpli wo!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa