Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 10:13 - Agbenya La

13 Nu ka ta ame vɔ̃ɖi la le alɔme ɖem le Mawu ŋuti ɖo? Nu ka ta wògblɔna na eɖokui be, “Mayɔm be mana akɔnta o” ɖo?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Nukaŋuti ame vɔ̃ɖi le alɔme ɖem le Mawu ŋu le gbɔgblɔm le eƒe dzi me be, mabia eta ase oa?

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 10:13
13 Mawu Ofanana  

Ruben gblɔ be, “Nyemegblɔe na mi be migawɔe oa? Miegbe toɖoɖom. Azɔ la, míele kuku ge, elabena míewui.”


Mabia akɔnta mi tso ʋu si le mia me la ŋu. Mabia akɔnta tso lã sia lã ŋu, eye mabia akɔnta ame sia ame hã tso nɔvia ƒe agbe ŋu.


Fia Yoas meɖo ŋku dɔmenyo Zaxarya fofo, Yehoiada, wɔ nɛ la dzi o eye wòwu Via ŋutsu, Zaxarya, ame si gblɔ esi wòmlɔ anyi nɔ kukum be, “Yehowa, kpɔ nu si wowɔ la ɖa eye nàɖo eteƒe na wo.”


Ame siwo le kudɔ ƒom ƒe ŋeŋe de dzi le dua me kɔtɔɔ eye ame siwo xɔ abi la ƒe luʋɔwo le ɣli dom be woaxɔ na yewo, gake Mawu mebu fɔ ame aɖeke be edze agɔ o.


Ɖewohĩ ana woaɖe dzi ɖi abu be yewole dedie gake eƒe ŋkuwo le woƒe mɔwo ŋu.


O! Mawu, ɣe ka ɣi futɔ la aɖu fewu le ŋuwò ase ɖo? Ɖe ketɔ la ado vlo wò ŋkɔ tegbeea?


O! Yehowa, ɖo ŋku ale si futɔ la do vlo wò kple ale si bometsilawo ɖe alɔme le wò ŋkɔ ŋuti la dzi.


ke ɣleti blibo ɖeka, va se ɖe esime wòado to ŋɔtime na mi, eye wòati mi, elabena miegbe Yehowa, ame si le mia dome, eye miefa avi le eŋkume gblɔ be, “Nu ka ta koŋ míedzo le Egipte ɖo?” ’ ”


Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ame siwo ɖo to mi la, nyee woɖo toe, eye ame siwo gbe mi la, nyee wogbe eye ame siwo gbem la gbe Mawu ame si dɔm ɖa la.”


Gbe si gbe mia dometɔ aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, ƒome aɖe alo Israel ƒe to aɖe atrɔ tso Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ be yeasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawu siawo la, gbe ma gbe la, ame ma anɔ abe ati aɖe si ƒe ke ave ɖihaɖiha, eye wòanɔ abe aɖi ene.


Nenye be ame aɖe gbe be yemanɔ agbe ɖe ɖoɖo siawo nu o la, menye amegbetɔwo ƒe sewo dzi dam wòle o, ke boŋ Mawu si na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mi la ƒe sewo dzi dam wòle.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa