Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 10:11 - Agbenya La

11 Egblɔna na eɖokui be, “Mawu ŋlɔ be; etsɔ nu tsyɔ eƒe mo, eye mele nu kpɔm o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Egblɔna le eƒe dzi me be: Mawu ƒe ŋku dzo le edzi, eɣla eƒe mo, eye mele ekpɔ ge akpɔ gbeɖegbeɖe o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 10:11
13 Mawu Ofanana  

Egblɔna na eɖokui be, “Naneke maʋuʋum o, makpɔ dzidzɔ ɣe sia ɣi, eye nyemage ɖe dzɔgbevɔ̃e me akpɔ o.”


O! Yehowa, wò koe le wo kom, èɖe alɔme le dukɔ mawo katã ŋu.


Wodea dzi ƒo na wo nɔewo le woƒe nu vɔ̃ɖi ɖoɖowo me, woƒoa nu tso ale si woatre mɔ ɖe vivime la ŋuti gblɔna be, “Ame kae le ekpɔ ge?”


Woɖoa nu vɔ̃ɖi hegblɔna le eŋuti be, “Míewɔ ɖoɖo deŋgɔ la vɔ!” Vavãe, ame ƒe susu kple dzi me nye ayenuwɔƒe,


Wogblɔ be, “Aleke Mawu awɔ anya? Ɖe nunya le Dziƒoʋĩtɔ la sia?”


Wogblɔ be, “Yehowa mele ekpɔm o, Yakob ƒe Mawu la metsɔ ɖeke le eme o.”


Le esi Mawu mehea to na nu vɔ̃ wɔlawo o ta la, amewo buna be ne yewowɔ nu vɔ̃ hã la, yewole dedie.


Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si Israel ƒe aƒe la ƒe ametsitsiwo le wɔwɔm le viviti la me, wo dometɔ ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe legba ƒe nɔƒea? Wogblɔ be, ‘Yehowa mele mía kpɔm o; Yehowa gble anyigba la ɖi.’ ”


Eɖo eŋu nam be, “Israel kple Yuda ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ, ʋukɔkɔɖi xɔ anyigba la dzi, eye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ yɔ du la me. Wogblɔna be, ‘Yehowa gbe nu le anyigba la gbɔ. Yehowa mekpɔa nu o.’


Dua me tɔwo hã mede dzesii be nye ŋku le woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ dzi o. Woƒe nu vɔ̃ ɖe to ɖe wo godoo va kpe, eya ta mele wo katã kpɔm.


Ke Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo nɔ afi ma la gblɔ le woƒe dzi me be,


Farisitɔ si kpe Yesu la kpɔ nu si nɔ edzi yim, eye esi wòdze si ame si ƒomevi nyɔnu sia nye ta la, egblɔ le eɖokui me be, “Esia fia be Yesu menye nyagblɔɖila aɖeke o, elabena nenye be Mawue dɔe vavã la, anya ame si ƒomevi nyɔnu sia nye; elabena nu vɔ̃ wɔla wònye.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa