Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 1:3 - Agbenya La

3 Eya amea ɖi ati si wodo ɖe tɔʋuwo to, esi tsea ku le etseɣi, melũa xe o, eye nu sia nu si wòwɔna la, edzea edzi nyuie.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 1:3
32 Mawu Ofanana  

Gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã megatsia dzi ɖe naneke ŋuti o, elabena Yosef kpɔa nu sia nu dzi nyuie. Yehowa nɔ kplii, eye nu sia nu dze edzi nɛ nyuie.


Potifar de dzesii be Yehowa li kple Yosef le mɔ tɔxɛ aɖe nu,


Yehowa nɔ kplii eye wòna nu sia nu si wòwɔ la dze edzi nɛ. Etso ɖe Asiria fia ŋu eye mesubɔe o.


“Eya ta Yehowa nanɔ kpli wò eye wòana nuwo nadze edzi na wò esi nànɔ nu siwo wòɖo na wò la wɔm eye nànɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la tum.


“Eya ta ne èlé se kple ɖoɖo siwo wòna Israel to Mose dzi me ɖe asi la, nuwo adze edzi na wò. Wɔ kalẽ eye nàlé dzi ɖe ƒo; mègavɔ̃ o, ke boŋ nàtsɔ dzo ɖe wò dɔwo ŋu!


Edze agbagba vevie be yeana ameawo nabu gbedoxɔ la kple se la eye woanɔ agbe si adze Mawu ŋu. Nu siawo katã dze edzi nɛ nyuie.


Tso ɣe ma ɣi dzi la, dukɔ siwo ƒo xlã wo la, bua Hezekia vevie eye nunana geɖewo na Yehowa kple nunana tɔxɛwo na Hezekia hã va ɖo Yerusalem.


ke hã la, ne tsi nya ʋẽ ɖee ko la, egadzena eye wòtoa alɔwo abe ati si wodo ene.


Nu si nèɖo la, ava eme na wò eye kekeli aklẽ ɖe wò mɔwo dzi.


Àɖu wò ŋutɔ wò dɔwɔwɔ ƒe kutsetse, eye yayra kple dzidzedze anye tɔwò gome.


Ame siwo to afi ma yi la megagblɔ be, “Yehowa ƒe yayra nenɔ dziwò; míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me” o.


Aleke gbegbe wotsii hã la, woaganɔ tsetsem, eye woƒe aŋgbawo ada ama, eye womalũ xɛ o.


Woaɖe gbeƒã be, “Yehowae nye dzɔdzɔetɔ; eyae nye nye Agakpe, eye vɔ̃ɖinyenye aɖeke mele eme o.”


Wainka la kuna, ŋena dzea anyi, eye nyɔnuwo fɔnɛ doa dzoe, elabena wonye ame masenugɔmewo. Eya ta woƒe Wɔla metrɔ dɔ me ɖe wo ŋu o, eye woƒe Wɔla meve wo nu o.


Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetsewo.


Woamie abe gbe si le gbedzi ene, eye woanɔ abe amutiwo le tɔʋuwo to ene.


Yehowa akplɔ wò ɖaa. Akpɔ wò hiahiãwo gbɔ le kuɖiɖinyigba dzi, eye wòado ŋusẽ wò ameti blibo la. Ànɔ abe abɔ si wode tsii nyuie kple vudo si memiena o ene.


Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe tɔ to, eye wòƒo ke ɖe tɔʋu la te ene. Ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe hã la, mevɔ̃na o eye eƒe aŋgbawo hã daa ama ɣe sia ɣi. Eƒe dzi metsona le kuɖiɣi o eye wòtsea ku ɖaa.”


Wodoe ɖe anyigba nyui aɖe si dzi tsi bɔ ɖo, ale be wòato alɔ, atse ku, eye wòazu wainti nyui aɖe.’


“ ‘Dawò nɔ abe wainti ene le wò wainbɔ me. Wodoe ɖe tsi gbɔ. Etsea ku, eye wòɖe alɔwo fũu le tsi ƒe agbɔsɔsɔ le afi ma ta.


Ale wògakɔ ɖe edzi wu ati bubuwo katã le gbea dzi. Eƒe alɔwo sɔ gbɔ ɖe edzi, eye eƒe alɔdzewo didi hekla ɖe tsi ƒe agbɔsɔsɔ ta.


Kutsetseti ƒomeviwo katã atsi ɖe tɔsisi la ƒe go eveawo dzi. Woƒe aŋugbawo malũ xɛ o, eye woƒe kukutsetsewo nu matso o. Woatse ku ɣleti sia ɣleti, elabena tɔsisi tso kɔkɔeƒe la tsa yi wo gbɔ. Woƒe tsetseawo anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋugbawo azu atike.”


“Wokeke abe balimewo ene. Wole abe amabɔ siwo le tɔsisi to ene. Wole abe aloe si Yehowa do ene. Wole abe sedati le tɔwo to ene.


gake esi ŋdɔ ʋu ɖe wo dzi la, woyrɔ, eye woku, elabena woƒe kewo mede to o.


Ekpɔ gboti aɖe le mɔa to, ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi agbe aɖu mahã? Ke esi wòva ɖo atia te la, aŋgbawo ko wòkpɔ le edzi. Yesu gblɔ na gboti la be, “Tso egbe sia yina la, màgatse ku gbeɖe o!” Enumake gboti la yrɔ ɖe tsitrenu.


“Esi nuŋeɣi ɖo la, eɖo dɔlawo ɖe agblea dzi kpɔlawo gbɔ be woaxɔ yeƒe viɖe vɛ na ye.


Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo eŋu nɛ be, “Ana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòaxɔ agble la atsɔ na ame siwo awɔ eƒe gbe dzi la.”


Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe.


Yehowa ayra wò kple nuku nyuiwo kple nyi siwo ƒe lãme nyo. Ana nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi.


Ame siawo nye ɖiƒonuwo le hamea ƒe lɔlɔ̃nuɖuƒewo. Woɖua nu kpli mi ŋumakpetɔe, wonye alẽkplɔla siwo nyia woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko. Wole abe lilikpo siwo medzaa tsi o, eye ya lɔa wo ɖe enu ene. Wole abe kelemeti siwo metse ku o, eye woho wo da ɖi eye woku zi eve la ene.


heva to dumɔ gã la titina. Agbeti la le tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi; etsea ku wuieve ɣleti ɖe sia ɖe, eye eƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa