Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 9:4 - Agbenya La

4 Wode se na wo be womegagblẽ gbe siwo le anyigba dzi, numiemie loo alo atiwo o, ke boŋ woagblẽ ame siwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wogblɔ na wo bena, woagawɔ vɔ̃ anyigba dzi gbe mumu alo aŋgba alo atia ɖeke o, negbe amesiwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la ɖeɖeko.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 9:4
15 Mawu Ofanana  

Menye wòe tɔ kpɔ ƒo xlã eya amea, eƒemetɔwo kple nu sia nu si le esi la oa? Èyra eƒe asinudɔwo ale be eƒe alẽhawo kple lãhawo gbagbã ɖe anyigba dzi.


Yehowa gblɔ na Satana be, “Enyo ta, nu sia nu si le esi la le asiwò me, ke mègaka asibidɛ eya amea ŋutɔ ŋu o.” Ale Satana dzo le Yehowa ŋkume.


Yehowa gblɔ na Satana be, “Enyo ŋutɔ. Kpɔ ɖa, ele asiwò me, gake mègaka asi eƒe agbe ya ŋu o.”


Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu, he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi.


“Elabena Yehowa ato anyigba la dzi, eye wòawu Egiptetɔwo. Ke ne ekpɔ ʋu le ʋɔtruti la tametɔ kple eƒe axadzitɔwo ŋu la, ato ʋɔtru la ŋu, eye maɖe mɔ na nugblẽla wòage ɖe eme awu miaƒe ŋutsuvi gbãtɔwo o.


eye wògblɔ nɛ be, “Yi, nàto Yerusalem du la katã me, eye nàde dzesi ŋgonu na ame siwo se veve eye wole nu xam le ŋunyɔnu siwo wowɔna le dua me la ŋuti.”


Miwu ŋutsu tsitsiwo, ɖekakpuiwo, ɖetugbiwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa, gake migaka asi ame aɖeke si ŋu dzesi le la ŋu o.” Midze egɔme tso ame tsitsi siwo nɔ gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi.


elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gãwo siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase.


Migado nuxaxa na Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, elabena eyae wotsɔ de dzesi mi hena miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ.


Kasia mekpɔ Alẽvi la le ŋkunyeme. Enɔ tsitre ɖe Zion to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000), ame siwo ƒe ŋgowo nu woŋlɔ eŋkɔ kple Fofoa tɔ ɖo la nɔ tsitre ɖe egbɔ.


Mese nane si ɖi ame ƒe gbe le nu gbagbe eneawo dome la le gbɔgblɔm be, “Bli agba ɖeka axɔ apaɖila ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu, eye lu agba etɔ̃ anye apaɖila ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu. Mikpɔ egbɔ be miegblẽ ami kple wain dome o!”


Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wona be ya eneawo magaƒo ato anyigba, atsiaƒu alo ati aɖeke dzi o.


Mawudɔla gbãtɔ ku eƒe kpẽ la. Tete tsikpe dza, eye wotsɔ dzo si wotɔtɔ kple ʋu la kɔ ɖe anyigba. Tete anyigba ƒe mama etɔ̃ ƒe akpa ɖeka fia. Atiwo hã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka fia. Nenema ke gbe damawo katã hã fiae.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa