Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 9:16 - Agbenya La

16 Asrafo siwo do sɔ la ƒe xexlẽme anɔ miliɔn alafa eve (200,000,000). Nye ŋutɔ mekpɔ woƒe xexlẽme.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye sɔdolawo ƒe aʋakɔ ƒe xexlẽme le akpe ewo teƒe akpe ewo teƒe eve; mese woƒe xexlẽme.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 9:16
7 Mawu Ofanana  

Mawu ƒe tasiaɖamwo nye akpe nanewo kple akpe teƒe akpewo; Aƒetɔ la tso Sinai va ɖo eƒe teƒe kɔkɔe la.


wodoa awu blɔtɔwo, wonye mɔmefiawo kple amegãwo, wonye nye ɖekakpui dzeɖekɛwo kple sɔdolawo.


Matrɔ wò to eme, maƒo ga ɖe wò glãƒuwo me, eye mahe wò ado goe kple wò aʋakɔ blibo la, wò sɔwo, wò sɔdolawo, ame siwo bla akpa kple ameha gã, ame siwo kpla akpoxɔnu gãwo kple ɖagbiwo, wo katã woanɔ woƒe yiwo nyem le yame.


“Ne eƒe nuwuwu ɖo vɔ la, Dziehefia akpe aʋa kplii eye Anyiehefia ava kpee kple tasiaɖamwo, sɔdosrafowo kple tɔdziʋumesrafowo ƒe ha gã aɖe. Ava dze dukɔ geɖewo dzi eye wòazɔ wo dzi abe tsiɖɔɖɔ ene.


Dzotɔsisi aɖe nɔ sisim le eŋgɔ. Ame akpe akpewo nɔ esubɔm, ame akpe ewo teƒe akpe ewo nɔ tsitre ɖe eŋgɔ. Ʋɔnu la ɖi anyi eye woke agbalẽawo.


Tete mekpɔ, eye mese mawudɔla gbogbo aɖewo ƒe gbe siwo ƒe xexlẽme anye akpeakpewo kple akpe ewo (10,000) teƒe akpe ewo (10,000). Woɖe to ƒo xlã fiazikpui la, nu gbagbe eneawo kple amegãxoxoawo.


Emegbe la, mekpɔ ame siwo wotsɔ nutrenu ɖo ŋgonu na la ƒe xexlẽme. Wole ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000) eye wo katã wotso Israel ƒe toawo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa