Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 9:11 - Agbenya La

11 Woƒe fiae nye mawudɔla si le ʋe globo la dzi kpɔm, ame si ƒe ŋkɔe nye Abadon le Hebrigbe me kple Apolion le Grikgbe me (si gɔmee nye Nugblẽla).

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye fiãa ɖe, si nye aʋli me dɔla la, ɖu wo dzi, eye woyɔ eŋkɔ le Hebri-gbe me be Abadon, eye woyɔnɛ le Hela-gbe me be Apolion (gblẽla).

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 9:11
18 Mawu Ofanana  

Ku le ƒuƒlu le Mawu ŋkume, eye wometsyɔ nu gbegblẽ dzi o.


Tsiẽƒe kple ku gblɔ be, ‘Nyasegblɔ tso eŋuti koe ɖo míaƒe towo me.’


Enye dzo si bina hena gbegblẽ, eye wòaho nye nukuwo akɔ ɖi.


Ɖe woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ le yɔdo me kple wò nuteƒewɔwɔ le tsiẽƒea?


Ku kple tsiẽƒe le nuvo le Yehowa ŋkume, kaka wòahanye amegbetɔwo ƒe dzi!


Gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be meganya yewo de do globo si seɖoƒe meli na o la me o.


Gaƒoƒo la de be woadrɔ̃ ʋɔnu xexea me; azɔ la, woanya xexe sia me ƒe fia la.


Nyemagaƒo nu na mi fũu o, elabena xexe sia me dziɖula le mɔ dzi gbɔna. Mekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o,


eye le ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti la, wodrɔ̃ ʋɔnu xexe sia me fia la xoxo.


Ta aɖe le Yerusalem si te ɖe Alẽgbo la ŋu. Woyɔa ta sia le Hebrigbe me be, Betesda Ta. Wowɔ akpata atɔ̃ ƒo xlãe.


Miawo la, Abosam ƒe viwoe mienye, eye miedina be yewoawɔ mia fofo ƒe didi. Amewula wònye tso gɔmedzedzea me ke, eye melɔ̃a nu si nye nyateƒe o. Nyateƒe aɖeke mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, egblɔnɛ ɖe wo de gbe me. Aʋatsotɔ kple aʋatsofofo wònye.


Satana, ame si le dzi ɖum le xexe vɔ̃ɖi sia me fifia lae gbã dzimaxɔsetɔwo ƒe ŋkuwo eye wòtsyɔ nu woƒe susuwo dzi. Ewɔ esia be womakpɔ kekeli si tso nyanyui la me le keklẽm ɖe wo dzi la eye woase nu si gblɔm míele tso Kristo si nye Mawu ƒe nɔnɔme la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la gɔme o.


siwo me mienɔ, esi miedze xexea me kple yame ƒe dziɖula yome, gbɔgbɔ si le dɔ wɔm fifia le ame siwo gbe toɖoɖo Aƒetɔ la ƒe dziwo me la ta.


Vinye lɔlɔ̃awo, miawo ya la, mienye Mawu viwo, eye mieɖu aʋatsonyagbɔɖila siawo dzi; elabena Gbɔgbɔ si le mia me la tri akɔ wu esi le xexea me.


Míenyae be Mawu viwoe míenye, eye be xexea me blibo la le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.


Wotsɔ ʋɔ driba gã la, da xoxo si woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃ alo Abosam, ame si kplɔ xexea me katã trae la ƒu gbe. Wotsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dɔlawo ƒu gbe ɖe anyigba.


Tete woƒo fiawo katã nu ƒu ɖe teƒe aɖe si woyɔna le Hebrigbe me be Armagedon.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa