Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 8:9 - Agbenya La

9 Nu gbagbe siwo katã le atsiaƒua me la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ku, eye tɔdziʋu siwo katã nɔ atsiaƒua dzi la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka hã tsrɔ̃.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 eye nu gbagbe, siwo le atsiaƒu me la, ƒe akpa etɔ̃lia ku, eye nuwo ƒe akpa etɔ̃lia gbã.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 8:9
13 Mawu Ofanana  

Egbã wo gudugudu abe ale si ɣedzeƒeya gbã Tarsis tɔdziʋuwo ene.


Tɔmelãwo katã ku, tsi la ƒaƒã ale be, Egiptetɔwo megate ŋu noe o. Ʋu xɔ Egiptenyigba ƒe akpa sia akpa dzi.


eye woabɔbɔ Tarsis ƒe asitsameliwo kple tɔdziʋu gãwo katã ɖe anyi.


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Tiro ŋu. Mifa konyi, o meli siwo tsa asi le Tarsis, elabena wogbã Tiro, eye aƒe alo melidzeƒe megali na mi o. Wose nya sia esi wole Kipro ke.


le anyigba blibo la dzi.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Woaxlã nu ɖe akpa etɔ̃awo ƒe eve woaku, eye akpa etɔ̃awo ƒe ɖeka atsi afi ma.


Etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia matsɔ ade dzo me, maklɔ wo ŋuti abe ale si woklɔa klosaloe ene, eye mado wo kpɔ abe ale si wodoa sika kpɔ ene. Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo. Magblɔ be, ‘Wonye nye amewo’ Woawo hã agblɔ be, ‘Yehowae nye míaƒe Mawu.’ ”


Eƒe asike kplɔ ɣletivi siwo le dziŋgɔli ŋu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka, eye wòhe wo ƒu gbe ɖe anyigba. Ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe nyɔnu si nɔ ku lém la ŋkume, eye wòle klalo be yeavuvu vidzĩ si nyɔnu la adzi la.


Mawudɔla evelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe atsiaƒu me, eye wòtrɔ zu ʋu si le abe ame kuku tɔ ene, eye nu gbagbe ɖe sia ɖe ku le atsiaƒu la me.


Mawudɔla etɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye ɣletivi gã aɖe si le bibim abe akakati gã aɖe ene la ge tso dziƒo va dze tɔsisiwo kple vudowo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka dzi.


Mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ la. Tete wòtsɔ nu xe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ŋkume, eye viviti do. Ale ŋkeke ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka mekpɔ kekeli o, eye nenema ke zã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka hã mekpɔ kekeli o.


Mawudɔla gbãtɔ ku eƒe kpẽ la. Tete tsikpe dza, eye wotsɔ dzo si wotɔtɔ kple ʋu la kɔ ɖe anyigba. Tete anyigba ƒe mama etɔ̃ ƒe akpa ɖeka fia. Atiwo hã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka fia. Nenema ke gbe damawo katã hã fiae.


Ale woɖe ga mawudɔla ene siwo wodzra ɖo ɖi na gaƒoƒo vevi, ŋkeke vevi, dzinu vevi kple ƒe vevi sia be woayi aɖawu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka.


Dzo, dzudzɔ kple sulfakpe si do go tso sɔawo ƒe nu me la wu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa