Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 8:13 - Agbenya La

13 Esi mele nu siawo kpɔm la, mese hɔ̃ aɖe si nɔ dzodzom le dziƒo titina la gblɔ kple gbe gã aɖe be, “Babaa! Babaa! Babaa na anyigbadzinɔlawo le kpẽ siwo mawudɔla etɔ̃ mamlɛawo ava ku la ta!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye mekpɔ, eye mese hɔ̃a ɖe, si le dzodzom lé dziƒo titina la, le gbɔgblɔm kple gbe gãa ɖe bena: Baba, baba, baba na anyigbadzinuwo le mawudɔla etɔ̃, siwo susɔ le kpẽ ku ge la, ƒe kpẽkukuwo ƒe ɖiɖi la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 8:13
12 Mawu Ofanana  

Mi eƒe dɔlawo, mikafu Yehowa, mi ŋusẽtɔ siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu, eye miewɔa eƒe nya dzi.


Wokekee ɖe nye ŋkume. Woŋlɔ konyifanyawo, vevesenyawo kple nublanuinyawo ɖe agbalẽ la ƒe akpa eveawo.


Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu, eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.


Babadodo evelia nu va yi, ke etɔ̃lia gbɔna kpuie.


eya ta dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple mi ame siwo nɔ wo me la! Ke baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ! Dzi le ekum vevie, elabena enyae be yeƒe ɣeyiɣi la le kpuie.”


Tete wodzi ha yeye le fiazikpui la ŋgɔ kple nu gbagbe eneawo kpakple amegãxoxoawo ƒe ŋkume. Ame aɖeke mete ŋu srɔ̃ ha la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000), ame siwo woɖe tso anyigba dzi la ko.


Tete mekpɔ mawudɔla bubu wònɔ dzodzom le yame, eye nyanyui mavɔ la le esi ne wòaɖe gbeƒãe na ame siwo le anyigba dzi, na dukɔ ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple ƒome ɖe sia ɖe.


Mekpɔ mawudɔla aɖe le tsitre ɖe ŋdɔgbe, ame si do ɣli kple gbe sesẽ na xevi siwo katã le dzodzom le yame la be, “Miva ƒo ƒu hena Mawu ƒe fiẽnuɖuɖu ƒe kplɔ̃ɖoɖo gã la,


Esi nèlé nye sedede me ɖe asi be nànɔ te le dzigbɔɖi me ta la, nye hã maɖe wò le dodokpɔ ƒe gaƒoƒo si gbɔna xexea me katã dzi, be woado anyigbadzinɔlawo kpɔ la me.


eye mekpɔ mawudɔla adre siwo nɔ tsitre ɖe Mawu ŋkume la, eye wotsɔ kpẽ adre na wo.


Mawudɔla atɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye mekpɔ ɣletivi si ge tso dziƒo va dze anyigba dzi la. Wotsɔ ʋe globo la ƒe safui na ɣletivi sia.


Vɔ̃ gbãtɔ nu va yi, eye vɔ̃ eve bubuwo le mɔ dzi gbɔna.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa