Zi kpoo le Yehowa ŋkume, eye nànɔ eƒe asinu kpɔm le dzigbɔɖi me. Ne amewo ƒe mɔwo dze edzi na wo, eye wote ŋu wɔ nu vɔ̃ɖi siwo woɖo la, mègavɔ̃ nàdzo nyanyanya o.
Wodzi ha yeye be, “Wòe dze be nàʋu agbalẽ la, eye nàɖe nutrenu adreawo ɖa, elabena wowu wò kpɔ, eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewoe na Mawu. Tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, Nuto ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me,
Esi Alẽvi la ɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ vɔsamlekpui aɖe. Le vɔsamlekpui la te la, mekpɔ ame siwo katã wowu ɖe Mawu ƒe Nya la gbɔgblɔ kple ɖaseɖiɖi anukwaretɔe ta la ƒe luʋɔwo.