Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 7:14 - Agbenya La

14 Meɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, wòe nyae.” Eye wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame siwo do go tso xaxa gã la me. Wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie to Alẽvi la ƒe ʋu me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 7:14
30 Mawu Ofanana  

Le nyateƒe me la, àŋlɔ wò hiãkame be eye àɖo ŋku edzi ko abe tsi sisi si nu va yi la ene.


Ewɔ sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye wòklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔdɔ̃e eve nɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe.


“Miva, mina míade ŋugble ɖekae,” Yehowa gblɔe. “Togbɔ be miaƒe nu vɔ̃wo biã abe nyagãdzĩ ene hã la, woafu abe ɖetifu ene. Ne wobiã abe ʋu ene hã la, woafu abe alẽfu ɣi ene.


Nunyalawo dometɔ aɖewo akli nu, ale be woate ŋu atsɔ dzo alolõ wo, aɖe ɖiƒoƒo ɖa le wo me eye woawɔ wo dzadzɛe va se ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo elabena nuwuwu la ava le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la dzi.


“Le ɣe ma ɣi me la, Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã si dzɔa wò amewo ŋu la atso. Xaxaɣi si tɔgbi meva kpɔ o, tso dukɔwo ƒe gɔmedzedze va se ɖe ɣe ma ɣi la anɔ anyi. Ke le ɣe ma ɣi me, wo ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la akpɔ xɔxɔ.


Mete ɖe ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka ŋu eye mebia nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖe nyuitɔ tso egbɔ. “Ale wògblɔe nam eye wòna nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖem.


“Gbe ma gbe la, vudo aʋu na David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo be woaklɔ wo ŋuti tso vɔ̃ kple ɖiƒoƒowo katã me.


Le ɣe ma ɣi me la, xaxa si ƒomevi medzɔ kpɔ tso xexea me ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magadzɔ kpɔ o la anɔ anyi.


elabena ŋkeke mawo anye ŋkeke siwo ƒomevi meva kpɔ tso keke ɣeyiɣi si me Mawu wɔ xexea me va se ɖe fifia o. Eye ŋkeke siawo ƒomevi hã mava ɣe aɖeke ɣi le esia megbe o.


Megblɔ nu siawo katã na mi be miakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexe sia me la, miato fukpekpe geɖewo me, gake milé dzi ɖe ƒo, elabena meɖu xexea me dzi.”


eye wodo ŋusẽ xɔsetɔwo be woalé xɔse me ɖe asi. Wode dzi ƒo na xɔsetɔawo be, “Ele na mí be míato fukpekpe geɖewo me hafi age ɖe mawufiaɖuƒe la me.”


Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le míaƒe fukpekpewo me hã, elabena míenya be fukpekpe dzia dzidodo;


Tsã la, mia dometɔ aɖewo ƒe agbenɔnɔ sɔ pɛpɛpɛ kple ame baɖa siawo tɔ. Ke fifia la, woklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋu eye le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la wɔ na mi ta la, Mawu xɔ mi miezu eƒe ame tɔxɛwo.


Enye dzidzɔ na mí be míaƒo adegbe tso miaƒe dzigbɔɖi kple ale si miaƒe xɔse de to le Mawu me la ŋu na hame bubuwo, togbɔ be miele fukpekpe kple ɣeyiɣi sesẽwo me tom hã.


Esia tae Yesu hã kpe fu le du la ƒe agbo godo be wòakɔ eƒe amewo ŋu, awɔ wo kɔkɔe to eya ŋutɔ ƒe ʋu la me.


ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la.


ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi, ame si nye alẽvi si ŋuti mokaka kple kpɔtsɔtsɔ mele o.


Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le kekeli me ene la, ekema míebɔ ha kple mia nɔewo, eye Yesu Kristo si nye Via ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti.


kple Yesu Kristo, ame si nye ɖaseɖila anukwaretɔ, ame gbãtɔ si fɔ tso ku me, eye wònye anyigbadzifiawo dzi ɖula la gbɔ na mi. Eya ame si lɔ̃ mí, eye wòɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eƒe ʋu me,


Woɖu edzi to Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi me. Womelɔ̃ woƒe agbe nenema gbegbe be woayi sisi ge le ku nu o,


Azɔ la, mekpɔ nane si le abe atsiaƒu si le abe ahuhɔ̃e si me biã hẽe abe dzo ene la, eye ame siwo ɖu lã wɔadã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽmedzesi dzi la le tsitre ɖe atsiaƒu la to. Wolé kasaŋku siwo Mawu tsɔ na wo la ɖe asi,


Mekpɔ be nyɔnu la mu ame kɔkɔewo kple ame siwo ɖi ɖase le Yesu ŋuti la ƒe ʋu. Esi mekpɔe la, nye mo wɔ yaa.


Menya wò fukpekpe kple ahedada, evɔ kesinɔtɔ nènye hafi! Menya ame siwo gblɔa busunyawo. Wobe yewonye Yudatɔwo, evɔ womenyee o, ke boŋ wonye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo.


“Woayra ame siwo nya woƒe awu ʋlayawo be woakpɔ mɔ ayi ɖe agbeti la gbɔ, eye be woato agboawo nu age ɖe du la me.


Wodzi ha yeye be, “Wòe dze be nàʋu agbalẽ la, eye nàɖe nutrenu adreawo ɖa, elabena wowu wò kpɔ, eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewoe na Mawu. Tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, Nuto ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me,


Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa