Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 7:13 - Agbenya La

13 Tete amegãxoxoawo dometɔ ɖeka biam be, “Ame kawoe nye ame siawo le awu ʋlaya ɣiwo me, eye afi ka wotso?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye amegã xoxoawo dometɔ ɖeka ɖo ŋu gblɔ nam bena: Amekawoe nye esiawo do awu ʋlaya ɣiwo, eye afika wotso mahã?

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 7:13
11 Mawu Ofanana  

Ale wòbiae be, “Hagar, Sarai ƒe kosi, afi ka nètso, eye afi ka yim nèle?” Hagar ɖo eŋu be, “Sisim mele le nye aƒenɔ nu.”


Mete ɖe ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka ŋu eye mebia nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖe nyuitɔ tso egbɔ. “Ale wògblɔe nam eye wòna nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖem.


Esi Yesu ganɔ nu fiam le gbedoxɔa me la, edo ɣli be, “Ɛ̃, mienyam, eye mienya afi si metso. Nyemeva afi sia le ɖokuinye si o; ame si dɔm la nye nyateƒetɔ. Miawo la, mienyae o,


Esi Petro kpɔ esia la, egblɔ na wo be, “Israeltɔwo, nu ka ta nuwɔna sia wɔ nuku na mi? Nu ka ta mile mía kpɔm abe míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ alo míaƒe kɔkɔenyenye tae míete ŋu da gbe le ame sia ŋu, ale be wòte ŋu le zɔzɔm ɖo mahã?”


Ke hã la, ame ʋɛ aɖewo le asiwò le Sardis, ame siwo meƒo ɖi woƒe awuwo o. Woazɔ kplim, eye woanɔ awu ɣiwo me, elabena wodze nɛ.


ekema amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo yia klo dzi hetsyɔa mo anyi ɖe eya ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ŋgɔ, eye wosubɔa eya ame si le agbe tegbetegbe la. Woɖea woƒe fiakukuwo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa ha dzim be,


Fiazikpui sue blaeve-vɔ-ene ƒo xlã fiazikpui gãtɔ la, eye amegãxoxo blaeve-vɔ-ene nɔ wo dzi. Wo katã wodo awu ɣiwo, eye woɖɔ sikafiakukuwo.


Tete mekpɔ, eye mese mawudɔla gbogbo aɖewo ƒe gbe siwo ƒe xexlẽme anye akpeakpewo kple akpe ewo (10,000) teƒe akpe ewo (10,000). Woɖe to ƒo xlã fiazikpui la, nu gbagbe eneawo kple amegãxoxoawo.


Tete amegãxoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mègafa avi o, elabena Yuda ƒe to la ƒe Dzata si tso David ƒe ke me la ɖu dzi. Eyae ate ŋu aʋu agbalẽ la, eye wòaɖe nutrenu adreawo ɖa.”


Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi.


Tete nyɔnu la yi srɔ̃a gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Mawu ƒe ame aɖe va gbɔnye, edzi ŋɔ ŋutɔ eye wòdze abe Mawudɔla ene. Nyemebia afi si wòtso lae o, eye meyɔ eƒe ŋkɔ hã nam o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa