Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 6:5 - Agbenya La

5 Esi Alẽvi la ɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nu gbagbe etɔ̃lia wògblɔ be, “Va!” Eye mekpɔ sɔ yibɔ aɖe. Edola lé nudanu ɖe asi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye esime wòɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nu gbagbe etɔ̃lia le gbɔgblɔm bena: Va! Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ yibɔa ɖe, eye amesi ɖoe la, lé nudanu ɖe asi.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 6:5
11 Mawu Ofanana  

Míaƒe ŋutilã xɔ dzo abe kpodzo ene eye asrã lé mí le dɔwuame ta.


Da nuɖuɖu gram alafa eve blaatɔ̃ (250) na ɖuɖu gbe sia gbe, eye nàɖui le ɣeyiɣi ɖoɖowo dzi.


Emegbe la, egblɔ nam be, “Ame vi, mana be nuɖuɖu magaɖo Yerusalem o. Amewo aɖu nu si woama na wo le dzitsitsi me, eye woano tsi si woadzidze ama na wo le dziɖeleameƒo me,


Magblẽ miaƒe nuɖuɖu ƒe dzɔtsoƒe me, ale be abolokpo ɖeka pɛ ame abolo na ƒome ewo. Ne mieɖu nu sue si aka mia si vɔ la, dɔ agawu mi kokoko.


Sɔ dzĩwo le tasiaɖam gbãtɔ hem, eye sɔ yibɔwo le tasiaɖam evelia hem.


Tasiaɖam si ŋuti sɔ yibɔwo le la aɖo ta dukɔ si le anyiehe, esi ŋuti sɔ ɣiwo le la ayi ɣetoɖoƒe, eye esi ŋuti wotsi sɔ ŋɔŋɔewo ɖo la ayi dziehe.”


Le ɣeyiɣi mawo me la, dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu. Dɔ ato le teƒe geɖewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo.


Tete amegãxoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mègafa avi o, elabena Yuda ƒe to la ƒe Dzata si tso David ƒe ke me la ɖu dzi. Eyae ate ŋu aʋu agbalẽ la, eye wòaɖe nutrenu adreawo ɖa.”


Wodzi ha yeye be, “Wòe dze be nàʋu agbalẽ la, eye nàɖe nutrenu adreawo ɖa, elabena wowu wò kpɔ, eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewoe na Mawu. Tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, Nuto ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me,


Mekpɔ Alẽvi la wòʋu nutrenu adreawo ƒe gbãtɔ. Emegbe la, mese nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka gblɔ kple gbe si le abe dziɖegbe ene la be, “Va!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa