Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 6:1 - Agbenya La

1 Mekpɔ Alẽvi la wòʋu nutrenu adreawo ƒe gbãtɔ. Emegbe la, mese nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka gblɔ kple gbe si le abe dziɖegbe ene la be, “Va!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye esime alẽvi la ɖe nutrenuawo ƒe ɖeka ɖa la, mekpe, eye mese nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka le gbɔgblɔm abe dziɖegbe ƒe gbeɖiɖi ene bena: Va!

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 6:1
17 Mawu Ofanana  

Esi ŋu ke la, Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna egbɔ, ale wòdo ɣli gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi si le xexe sia me ƒe nu vɔ̃wo ɖem ɖa lae nye ekem!


Asesẽ na mí ŋutɔ be míadzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple esiwo míese la ŋu o.”


Emegbe la, woʋu Mawu ƒe gbedoxɔ le dziƒo, eye wokpɔ Mawu ƒe nubablaɖaka le eƒe gbedoxɔ me. Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, anyigba ʋuʋu, eye kpetsi gã aɖe dza.


Anyigbadzitɔwo katã asubɔ lã wɔadã la, ame siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe Alẽvi si wowu tso xexea me ƒe gɔmedzedze ke la ƒe agbegbalẽ la me o.


Mese gbe aɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe ene. Gbe si mese la nɔ abe kasaŋkuƒolawoe nɔ woƒe kasaŋkuwo ƒom ene.


Tete mese nu si ɖi abe ameha gã aɖe ƒe gbe ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe sisi ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe sesẽ aɖe ene be, “Haleluya! Elabena míaƒe Aƒetɔ, Mawu Ŋusẽkatãtɔ lae le dzi ɖum.


Aʋala ade nɔ nu gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe aʋalawo ŋu kpe ɖo, eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔ ha dzim madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be, “ ‘Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe, nye Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,’ ame si nɔ anyi va yi, eli fifia, eye wògale vava ge.”


Tete mekpɔ agbalẽ aɖe le ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ƒe nuɖusime. Woŋlɔ nu ɖe agbalẽ la me kple egodo siaa, eye wotree kple nutrenu adre.


Wole ha dzim kple gbe sesẽ be, “Alẽvi si wowu la, eyae dze, be wòaxɔ ŋusẽ, kesinɔnu, nunya kple ŋutete, kple bubu, ŋutikɔkɔe kple kafukafu.”


Esi wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo dze klo tsyɔ mo anyi ɖe Alẽvi la ŋgɔ. Kasaŋku nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si, eye sikagba si yɔ fũu kple dzudzɔʋeʋĩdonu siwo nye ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa la hã nɔ woƒe asi me.


Alẽvi la ɖe nutrenu evelia ɖa, eye wòʋu agbalẽ evelia hã. Mese nu gbagbe evelia wògblɔ be, “Va!”


Esi Alẽvi la ɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nu gbagbe etɔ̃lia wògblɔ be, “Va!” Eye mekpɔ sɔ yibɔ aɖe. Edola lé nudanu ɖe asi.


Esi Alẽvi la ɖe nutrenu enelia ɖa la, mese nu gbagbe enelia wògblɔ be, “Va!”


Esi wòʋu nutrenu adrelia la, ɖoɖoe gã aɖe zi le dziƒo abe gaƒoƒo afã ene,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa