Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 5:10 - Agbenya La

10 Èwɔ wo be woanye fiaɖuƒewo kple nunɔlawo ne woasubɔ míaƒe Mawu la, eye woaɖu fia le anyigba dzi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 eye nèwɔ wo fiawo kple nunɔlawo na míaƒe Mawu, eye woaɖu fia le anyigba la dzi.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 5:10
9 Mawu Ofanana  

Gawu la, mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe aɖe nam.’ Nya siawo nàgblɔ na Israelviwo.”


Ke Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo axɔ fiaɖuƒe la eye wòanye wo tɔ tegbee, ɛ̃, tegbetegbe.’


Ekema woatsɔ dziɖuɖu, ŋusẽ kple fiaɖuƒewo ƒe gãnyenye le dziƒo blibo la ana ame kɔkɔeawo, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe amewo. Eƒe fiaɖuƒe la anye fiaɖuƒe mavɔ, dziɖulawo katã asubɔe eye woaɖo toe.’


eya ame si wɔ mí be míanye fiaɖuƒe kple nunɔla siwo asubɔ eƒe Mawu kple Fofoa, eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Mekpɔ fiazikpui siwo dzi ame siwo wona ŋusẽe be woadrɔ̃ ʋɔnu la nɔ, eye mekpɔ ame siwo nu wotso ta le, le woƒe ɖaseɖiɖi na Yesu kple Mawu ƒe nya la ta la ƒe luʋɔwo. Mekpɔ ame siwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o la. Wogbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo hena ƒe akpe ɖeka (1,000).


Yayratɔwo kple ame kɔkɔewoe nye ame siwo kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ me. Ku evelia mekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o, ke woanye nunɔlawo na Mawu kple Kristo, eye woaɖu dzi kplii hena ƒe akpe ɖeka (1,000).


Zã maganɔ anyi o. Womahiã akaɖi ƒe keklẽ alo ɣe ƒe keklẽ o, elabena Aƒetɔ Mawu ana akaɖi wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.


Mana ame si ɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa