Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 5:1 - Agbenya La

1 Tete mekpɔ agbalẽ aɖe le ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ƒe nuɖusime. Woŋlɔ nu ɖe agbalẽ la me kple egodo siaa, eye wotree kple nutrenu adre.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye mekpɔ agbalẽ, si woŋlɔ nu ɖe eme kple ekɔgo katã, eye wotre enu kple nutrenu adre la, le amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, ƒe nuɖusi me.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 5:1
16 Mawu Ofanana  

Ke hena miawo ya la, ŋutega sia katã menye naneke o; negbe nya siwo woŋlɔ ɖe lãgbalẽ dzi hetre enu la koe wònye. Ne mietsɔ lãgbalẽ si dzi woŋlɔ nua ɖo la na ame si ate ŋu axlẽ nu hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, xlẽ nu sia nam la,” aɖo eŋu be, “Nyemate ŋui o, elabena wotre enu.”


Mikpɔ Yehowa ƒe agbalẽ me, eye mixlẽ nu sia. Nu siawo dometɔ aɖeke mabu o, ɖeke manɔ anyi, atsu alo asi o, elabena eƒe nue de se sia, eye eƒe Gbɔgbɔ aƒo wo nu ƒu.


Bla ɖaseɖiɖi la, eye nàtre nye nufiafia nu le nye nusrɔ̃lawo dome.


“Ŋutega si wona nèkpɔ tso fiẽ kple ŋdi ŋu la nye nyateƒe gake dzra ŋutega la ɖo ɖe wò dzi me elabena eku ɖe ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.”


Megawu mo dzi eye mekpɔ agbalẽ aɖe wònɔ dzodzom le yame.


Elé agbalẽ sue aɖe ɖe asi, esi le ʋuʋu le eƒe asiƒome. Etsɔ eƒe ɖusifɔ da ɖe atsiaƒu me, tsɔ eƒe miafɔ da ɖe anyigba dzi,


Ame si nɔ fiazikpuia dzi la ƒe dzedzeme le abe kpe xɔasiwo, yaspa kple kanelia ene. Anyieʋɔ si le abe kpe xɔasi emerald ene la ƒo xlã fiazikpui la.


Ne nu gbagbeawo le ŋutikɔkɔe, bubu kple akpedada tsɔm na ame si nɔ fiazikpui la dzi, eye wòle agbe tegbetegbe la,


Esia megbe la, mese nu gbagbe siwo katã le dziƒo, anyigba dzi, anyigba te, atsiaƒu me kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo me la ŋuti nɔ ha dzim be, “Alẽvi si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la tɔe nye kafukafu, bubu, ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ, tso mavɔ me yi mavɔ me!”


Eyae va xɔ agbalẽ la le ame si nɔ fiazikpui la dzi la ƒe nuɖusime.


Mekpɔ Alẽvi la wòʋu nutrenu adreawo ƒe gbãtɔ. Emegbe la, mese nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka gblɔ kple gbe si le abe dziɖegbe ene la be, “Va!”


Wogblɔ na towo kple agakpewo be, “Mimu dze mía dzi ne miaɣla mí ɖa tso ame si nɔ fiazikpui la dzi la ƒe ŋkume kple Alẽvi la ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la gbɔ,


Esi wòʋu nutrenu adrelia la, ɖoɖoe gã aɖe zi le dziƒo abe gaƒoƒo afã ene,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa