Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 22:3 - Agbenya La

3 Fiƒode aɖeke maganɔ anyi azɔ o. Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui anɔ du la me, eye eƒe dɔlawo asubɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye busunua ɖeke megale anyi nɔ ge o, eye Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui la anɔ me, eye woƒe dɔlawo asubɔe,

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 22:3
20 Mawu Ofanana  

Èna menya agbemɔ la; àtsɔ dzidzɔkpɔkpɔ ayɔ menye le ŋkuwò me, eye matsɔ vivisese si mevɔna o la anɔ wò nuɖusime tegbee.


Ke nye la, makpɔ wò ŋkume le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ hekpɔ wò nɔnɔme ko la, maɖi ƒo.


Mido ɣli, eye mitso aseye, mi ame siwo le Zion, elabena gãe nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ si le mia dome.”


Yehowa ƒe ame siwo woɖe la atrɔ agbɔ. Woage ɖe Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔkpɔkpɔ anye fiakuku anɔ woƒe tawo dzi. Vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.


Nye nɔƒe anɔ wo dome; manye woƒe Mawu, eye woanye nye amewo.


“Teƒe la katã ƒe didime anye mita akpe asiekɛ. “Eye du la ƒe ŋkɔ tso ɣe ma ɣi dzi yina la anye, ‘Aƒetɔ Yehowa le afi ma.’ ”


Amewo anɔ eme, eye womagagbãe azɔ o. Dedinɔnɔ anɔ Yerusalem ɖaa.


“Eƒe Aƒetɔ kafui ŋutɔ le eƒe dɔ nyui si wòwɔ la ta. Egblɔ na dɔla la be, ‘Wò dɔla nyui, èwɔ nuteƒe ŋutɔ, eya ta tso azɔ dzi la, matsɔ dɔ geɖe ade wò dzikpɔkpɔ te. Va ne nàkpɔ dzidzɔ kplim!’


“Azɔ matrɔ ɖe ame siwo le nye miame la ŋu agblɔ na wo be, ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de la. Miyi dzomavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me,


“Ame si subɔam la, ele be wòadze yonyeme, be afi si mele la, nye subɔla hã nanɔ afi ma. Fofonye ade bubu ame si subɔam la ŋu.


Ne woɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to edzi la, Mawu aɖe Via ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to eya ŋutɔ dzi, eye wòaɖe eƒe ŋutikɔkɔe la afia enumake.


Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, matrɔ ava akplɔ mi be, mianɔ gbɔnye ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma.


“Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam, elabena èlɔ̃m vevie hafi xexea me va dzɔ.


“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si mawɔ se siawo katã dzi o la dzi.” Eye ameawo katã agblɔ be, “Amen!”


Wole ɣli dom kple gbe sesẽ be, “Xɔname nye míaƒe Mawu la tɔ, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi, kple Alẽvi la tɔ.”


Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa