Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 22:12 - Agbenya La

12 “Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie! Nye fetu kpe ɖe ŋutinye, eye maxe fe na ame sia ame le nu si wòwɔ la nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋutinye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 22:12
19 Mawu Ofanana  

Ewɔna na ame ɖe nu si wòwɔ la nu eye wòhea nu si eƒe nuwɔnawo dze na la vaa edzii.


Ɖo eteƒe na wo le woƒe nuwɔnawo kple woƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo ta. Xe fe na wo ɖe nu si woƒe asiwo wɔ la nu, eye nàgbugbɔ tohehe si wodze na la ahe va wo dzii.


Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu gbɔna kple ŋusẽ, eye eƒe abɔ le dzi be yeaɖu fia. Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋuti, eye eƒe teƒeɖoɖo hã kpe ɖe eŋuti.


Yehowa na woɖe gbeƒãe le anyigba ƒe mlɔenuwo ke be, “Migblɔ na Zion vinyɔnu la be, ‘Kpɔ ɖa, wò Ɖela gbɔna! Kpɔ ɖa, eƒe fetu kple eƒe teƒeɖoɖo kpe ɖe eŋuti.’ ”


“Nye Yehowae dzroa dziwo me, eye medoa susuwo kpɔ be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe zɔzɔme kple nu si eƒe nuwɔwɔwo dze na la nu.”


Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe vɔ, egbɔna kpuie. Miɖo to, le Yehowa ƒe ŋkeke ma dzi la, woado ɣli kple vevesese, aʋawɔlawo ƒe ɣlidodo ade dzi le afi ma.


Nye Amegbetɔ Vi la mava kple nye dɔlawo le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe me, eye madrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe eƒe nuwɔnawo nu.


Nyateƒe, ame sia ame ana akɔnta tso eɖokui ŋu na Mawu.


Ame siwo ƒe dɔ mefia le dzo me o la axɔ woƒe fetu.


Nye kple Apolo la, dɔ ɖeka ma ke ko wɔm míele. Taɖodzinu ɖeka koe le mía si, ke Mawu axe fe na mía dometɔ ɖe sia ɖe le ale si wòdo vevi ɖe eƒe dɔ ŋu la nu.


Dukɔwo le nyanyram, eye wò dziku ɖiɖi va. Ɣeyiɣi de be woadrɔ̃ ʋɔnu kukuawo, eye woatu fe na wò dɔla, nyagblɔɖilawo, wò ame kɔkɔeawo kple ame siwo dea bubu wò ŋkɔ ŋuti la, ame gblɔewo kple amegãwo siaa. Nenema ke míeda akpe na wò be nètsrɔ̃ ame siwo tsrɔ̃ anyigba la.”


Maƒu nu viawo woaku ekema hameawo katã anyae be nyee nye dziwo kple susuwo me dzrola, eye maxe fe na ame sia ame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Eye mekpɔ ame kukuwo, ame deŋgɔwo kple ame gblɔewo nɔ tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo. Woʋu agbalẽ bubu si nye agbegbalẽ la. Wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nu si wowɔ woŋlɔ ɖe agbalẽawo me la nu.


Ame si le ɖase ɖim le nu siawo ŋuti la gblɔ be, “Ɛ̃, megbɔna kpuie.” Amen. Va, Aƒetɔ Yesu.


“Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie! Woayra ame si lé nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me la me ɖe asi.”


Kpɔ ɖa, megbɔna kaba! Lé ŋusẽ sue si le asiwò la me ɖe asi sesĩe ale be ame aɖeke maxɔ wò fiakuku la le asiwò o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa