Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 21:6 - Agbenya La

6 Eyi edzi gblɔ nam be, “Wowɔe vɔ. Nyee nye Alfa kple Omega, Gɔmedzedze kple Nuwuwu. Ame si tsikɔ le wuwum la, mana tsii wòano tso agbetsivudo la me femaxee.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye wògblɔ nam bena: Eva ve me! Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu. Amesi ke tsikɔ le ewum la, mana agbetsidzidzi la ƒe ɖee faa.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 21:6
26 Mawu Ofanana  

Elabena gbɔwòe agbe ƒe tsitsetse la le, eye wò kekeli mee míekpɔa kekeli le.


Miadu tsi le xɔname ƒe vudowo me kple dzidzɔ.”


“Nye dukɔ wɔ nu vɔ̃ eve. Wogbe nu le nye agbetsivudo la gbɔ eye woɖe woawo ŋutɔ ƒe tsiʋewo, tsiʋe siwo ŋɔ eye tsi mate ŋu atɔ ɖe wo me o.


“Ekema mada gbe le woƒe mɔtatra ŋu, eye magalɔ̃ wo kple dzi faa, elabena nye dɔmedzoe nu afa keŋ.


“Le ɣe ma ɣi me la, wain yeye anɔ tsyɔtsyɔm tso towo ŋuti eye nyinotsi anɔ sisim bababa tso togbɛwo tame. Tsi ayɔ Yɔdan tɔʋuwo me banaa, eye tsi asi tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me ade tsi Sitim ƒe Balime.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe nènya Mawu ƒe nunana kple ame si ƒomevi le tsi biam wò la, anye ne èbiae, eye wòana agbetsi wò.”


Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, vudo sia goglo, eye tsikunu mele asiwò be nàtsɔ aku tsii le eme o. Afi ka nèle agbetsi la kpɔ ge le?


Le nyateƒe me la, tsi si manae la azu agbetsi, anɔ sisim le eme si ahe agbe mavɔ vɛ.”


eye wotso afia na wo faa to eƒe amenuveve si va to ɖeɖedɔ si Kristo Yesu va wɔ la me.


Ame si meve eya ŋutɔ Via nu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa?


Le nyateƒe me la, míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o. Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ na mí be wòaɖe Mawu ƒe dɔmenyo ƒe nunana gã si nye eƒe yayra kple amenuveve manyagblɔ la afia mí.


Gake xɔtunu vovovowo li si woate ŋu atsɔ atu xɔe ɖe gɔmeɖokpe la dzi. Ame aɖewo tua xɔ kple sika, klosalo alo kpe xɔasi bubuwo, ame bubuwo hã tsɔa ati, aƒla alo be gɔ̃ hã tua xɔe.


Eya ta nɔviwo, miganɔ dadam ɖe amegbetɔ dzi o! Nuwo katã nye mia tɔ,


Ke ame ka tututue nye Apolo alo nye Paulo ŋutɔ, be mianɔ dzre wɔm ɖe mía ta? Mawu ƒe dɔla maɖinu siwo wòna ŋutete tɔxɛ aɖewo ko míenye eye to míaƒe dɔwɔwɔwo me la, miexɔ Mawu dzi se.


Enɔ gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ nu sia nu si nèkpɔ la da ɖi, eye nàɖo agbalẽ la ɖe hame adre siwo le Efeso, Smirna, Pergamo, Tiatira, Sardis, Filadelfia kple Laodikea.”


Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye, eye wògblɔ be, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu.


“Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògale vava ge, ame si nye Ŋusẽkatãtɔ.” Aƒetɔ Mawue gblɔe.


eye wòyɔ eya ame si nɔ agbe tegbetegbe, ame si wɔ dziƒowo kple nu siwo katã le wo me, anyigba kple nu siwo le edzi kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la ƒe ŋkɔ heka atam be, “Heheɖemegbe aɖeke maganɔ anyi o!


Mawudɔla adrelia tsɔ eƒe kplu la trɔ ɖe yame, eye gbe gã aɖe ɖi tso gbedoxɔ la me kple fiazikpui la gbɔ nɔ gbɔgblɔm be, “Wowu enu vɔ!”


Nyee nye Alfa kple Omega, Gbãtɔ kple Mamlɛtɔ, Gɔmedzedze kple Nuwuwu.


Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la gblɔ be, “Va!” Eye ame si le esem la hã negblɔ be, “Va!” Ne tsikɔ le ame aɖe wum la, neva; eye ame sia ame si lɔ̃ ko la, nexɔ agbetsi la no faa.


“Ŋlɔ agbalẽ sia na hame si le Laodikea ƒe mawudɔla, Nya siawo tso ame si nye Amen, ame si nye ɖaseɖila, nuteƒewɔla kple anukwaretɔ, ame si nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la gbɔ.


elabena Alẽvi si le fiazikpui la titina la anye woƒe kplɔla. ‘Akplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔe,’ ‘eye Mawu ŋutɔ atutu aɖatsi ɖe sia ɖe le woƒe ŋkume.’ ”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa