Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 21:1 - Agbenya La

1 Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, elabena dziƒo gbãtɔ kple anyigba gbãtɔ nu va yi, eye atsiaƒu aɖeke hã megali o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la nu va yi, eye atsiaƒu megali o.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 21:1
13 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke ma dzi la, Yehowa atsɔ eƒe yi dziŋɔ, gã, sẽŋu la ahe to na Leviatan, da si nɔa eɖokui xatsam la; awu ʋɔ driba si le atsiaƒu me la hã.


Yehowa ƒe ame siwo woɖe la atrɔ agbɔ. Woage ɖe Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔkpɔkpɔ anye fiakuku anɔ woƒe tawo dzi. Vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.


“Ke ame vɔ̃ɖiwo le abe atsiaƒu dzeagbo si mate ŋu anɔ anyi kpoo o la ene; esi ƒe ƒutsotsoewo le gbeɖuɖɔ kple ba ɖem ɖe go.”


Yehowa be, “Abe ale si dziƒo kple anyigba yeye siwo mewɔ la anɔ anyi tegbee le nye ŋkume ene la, nenema ke wò ŋkɔ kple wò dzidzimeviwo anɔ anyi tegbee.


Lã gã ene siwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ la do go tso atsiaƒu la me.


be nuwɔwɔ la axɔ ablɔɖe tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me age ɖe Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.


Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe gã aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo, eye anyigba kple edzinuwo katã abi keŋkeŋ.


Ke le eƒe ŋugbedodo la nu, míele mɔ kpɔm na dziƒo yeye kple anyigba yeye, afi si anye dzɔdzɔenyenyeteƒe la.


Ale ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe atsiaƒu la to. Tete mekpɔ lã wɔadã aɖe wòdo go tso atsiaƒu me gbɔna. Eto dzo ewo kple ta adre; fiakuku ewo nɔ dzoawo dzi, eye woŋlɔ busuŋkɔwo ɖe ta adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.


Tete mekpɔ fiazikpui ɣi gã aɖe kple ame si nɔ anyi ɖe edzi la. Anyigba kple dziŋgɔli si le eŋkume, eye teƒe aɖeke meli na wo o.


Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la gblɔ be, “Mele nuwo katã wɔm yeyee!” Tete wògblɔ be, “Ŋlɔ nu sia da ɖi, elabena nya siawo nye nya siwo dzi woaka ɖo, eye wonye nyateƒenyawo hã.”


Dziŋgɔli gbugbɔ yi megbe abe lãgbalẽ si woŋlɔ ene, eye to ɖe sia ɖe kple ƒukpo ɖe sia ɖe te ɖa le wo nɔƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa