Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 2:12 - Agbenya La

12 “Ŋlɔ agbalẽ na Pergamo Hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye ame si lé yi ɖaɖɛ nuevee ɖe asi la ƒe nyawo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Pergamo la ƒe ɖɔla bena: Amesi yi ɖaɖɛ nuevee le esi la, eyae gblɔ esiawo bena:

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 2:12
10 Mawu Ofanana  

gake adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔnyenye me, eye wòatso afia na anyigbadzihiãtɔwo ɖe eteƒe. Atsɔ eƒe numetikplɔ aƒo anyigba la, eye wòatsɔ eƒe numegbɔgbɔ atsrɔ̃ ŋutasẽlawoe.


Ewɔ nye nu abe yi ɖaɖɛ ene. Etsɔm ɣla ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te. Etsɔm wɔ aŋutrɔ ɖaɖɛ, eye wòɣlam ɖe eƒe daku me.


Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le dɔ wɔm. Eɖana wu hɛ nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luʋɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo.


Enɔ gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ nu sia nu si nèkpɔ la da ɖi, eye nàɖo agbalẽ la ɖe hame adre siwo le Efeso, Smirna, Pergamo, Tiatira, Sardis, Filadelfia kple Laodikea.”


Elé ɣletivi adre ɖe nuɖusi, eye yi ɖaɖɛ nuevee do go tso eƒe nu me. Eƒe mo nɔ keklẽm abe ɣe ƒe keklẽ ene.


Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nu me, esi wòatsɔ adza dukɔwo akɔ ɖi; atsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helĩhelĩ.


Wowu wo dometɔ mamlɛawo kple yi si do go tso sɔdola la ƒe nu me la, eye dziƒoxeviwo va ɖu woƒe lã, eye woɖi ƒo.


“Ŋlɔ agbalẽ na Efeso Hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye nya siwo tso ame si lé ɣletivi adre ɖe nuɖusi, eye wòle zɔzɔm le sikakaɖiti adreawo dome la gbɔ.


eya ta trɔ dzi me! Ne menye nenema o la, mava gbɔwò kpuie, eye mawɔ avu kpli wò kple yi si le nye nu me la.


Hafi wòayi la, Ehud wɔ adekpui nuevee aɖe si didi mita afã. Eblae ɖe eƒe ɖusita ŋu eye wòdo awu ɖe edzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa