Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 18:8 - Agbenya La

8 Eya ta le ŋkeke ɖeka me la, eƒe dɔvɔ̃wo ava ƒo ɖe edzi, esiwo nye ku, konyifafa kple dɔwuame. Dzo ava fiae keŋkeŋ, elabena ŋusẽtɔe nye Aƒetɔ Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eyata le ŋkeke ɖeka dzi la eƒe fukpekpewo ava edzi: Ku kple konyifafa kpakple dɔwuame, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ, elabena Aƒetɔ Mawu, amesi drɔ̃ ʋɔnui la, enye ŋusẽtɔ.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 18:8
18 Mawu Ofanana  

Ne ŋusẽ ƒe nya wònye la, kpɔ ɖa, ŋusẽtɔe wònye! Ke ne enye ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nya la, ame kae akplɔe ayi ʋɔnui?


Mawu gblɔ nya ɖeka, eye mese nu eve le eme be, “Wò, O Mawu, ɖeka koe sesẽ,


Le ŋkeke ma dzi la, Yehowa atsɔ eƒe yi dziŋɔ, gã, sẽŋu la ahe to na Leviatan, da si nɔa eɖokui xatsam la; awu ʋɔ driba si le atsiaƒu me la hã.


Ale Yehowa tsrɔ̃ ta kple asike, deʋaya kple keti siaa ɖa tso Israel le ŋkeke ɖeka dzi.


Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ be, “Kpɔ ɖa, metso ɖe ŋutiwò, O dadala, elabena wò ŋkeke la va ɖo, wò toheɣi ɖo.


Evɔ la, woƒe Xɔnametɔ nye ŋusẽtɔ hafi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ. Aʋli wo ta vevie, ale be wòana gbɔdzɔe woƒe anyigba, gake ana ame siwo katã le Babilonia la natsi dzimaɖi.”


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Woagbã Babilonia ƒe glikpɔ sesẽ la gudugudu eye woatɔ dzo eƒe agbo kɔkɔ la, emenɔlawo ka hiã wo ɖokuiwo yakatsyɔ eye dukɔwo ƒe agbagbadzedze zu ami si kɔm wole ɖe dzoa me.”


“Misi tso Babilonia! Si ne nàɖe wò agbe! Womegatsrɔ̃ wò le eƒe nu vɔ̃wo ta o. Ɣeyiɣi de na Yehowa ƒe hlɔ̃biabia, axe fe si dzee la nɛ.


Yehowa ŋutɔ le eƒe aʋakɔ la ŋgɔ le gbe ɖem. Esiae nye eƒe aʋakɔ gã la eye ame siwo le eƒe gbeɖeɖe dzi wɔm la nye ame sesẽwo. Yehowa ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ anɔ eŋu. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?


Nu ka? Ɖe miedi be yewoado dɔmedzoe na Aƒetɔa? Ɖe miebu be miesesẽ wuia?


le gbɔgblɔm be, “O Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, míeda akpe na wò, wò ame si li fifia, eye nènɔ anyi kpɔ, elabena èxɔ wò ŋusẽ triakɔ la, eye nèdze dziɖuɖu gɔme.


Lã la kple eƒe dzo ewo siwo nèkpɔ la alé fu gbolo la, woahee va gbegblẽ me, eye woagblẽe ɖi amamae; woaɖu eƒe lã, eye woatɔ dzoe,


Nyɔnu si nèkpɔ la, eyae nye du gã si le anyigbadzifiawo dzi ɖum.”


Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me la, wò kesinɔnu gbogbo siawo tsrɔ̃!’ “Azɔ la, kuɖɔɖola ɖe sia ɖe, ame siwo katã ɖoa tɔdziʋu, tɔdziʋukulawo kple ame siwo katã kpɔa woƒe abolo tso ƒudzidɔwɔwɔ me la katã anɔ adzɔge.


Woalɔ ke akɔ ɖe tame, woafa avi, eye woado konyifaɣli be, “ ‘Baba! O du gã, afi si ame siwo katã si tɔdziʋu si nɔa ƒu dzi le la kpɔ woƒe kesinɔnuwo le. Baba na wò! Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me, wotsrɔ̃e keŋkeŋ.’


Wogado ɣli ake be, “Haleluya! Eƒe dzotɔtɔ ƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi mavɔ me.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa