Nyaɖeɖefia 18:7 - Agbenya La7 Egblɔ le eƒe dzi me dadatɔe be, ‘Menɔ anyi abe nyɔnufia ene, nyemenye ahosi o, eye nyemafa konyi akpɔ o.’ Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe kple kesinɔnuwo na eɖokui ene. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19137 Zi geɖe alesi wòdo eɖokui ɖe dzi, eye wòdze ha la, zi geɖe ma ke miwo fui, eye mina wòafa konyi; elabena egblɔ le eƒe dzi me bena: Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemenye ahosi o, eye nyemegale konyi fa ge akpɔ o. Onani mutuwo |
Esiawoe nye nu siwo ava dzɔ ɖe du si kpɔ dzidzedze, eye wòle tomefafa me la dzi. Du sia gblɔ na eɖokui be, “Le xexea me katã la, du aɖeke mekpɔ ŋusẽ de nunye o.” Gake azɔ, mikpɔ ɖa, eyae nye du si gbã gudugudu, zu gbegbe na lãwo kple xewo! Azɔ ame sia ame si ava to eŋuti la ado tsiã, aʋuʋu ta, elabena maxɔe ase o.