Nyaɖeɖefia 18:2 - Agbenya La2 Edo ɣli kple gbe gã aɖe be, “ ‘Womui! Womu Babilonia Gã la!’ Eva zu aƒe na gbɔgbɔ vɔ̃wo kple mɔ sesẽ na gbɔgbɔ makɔmakɔwo kple xadza na xevi makɔmakɔwo kple lã siwo womeɖuna o la, Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19132 Eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Eye wòtrɔ zu gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nɔƒe kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo katã ƒe gaxɔ kple xevi makɔmakɔ, siwo katã wotsri la, ƒe xadza. Onani mutuwo |
Du xɔŋkɔ sia azu gbeɖuƒe na alẽhawo. Gbemelã kple xe vovovowo atsɔ teƒe sia awɔ wo nɔƒee. Hlɔ̃madewo aɖe do ɖe afi ma, akagawo kple alugewo awɔ atɔ ɖe eƒe fiasãwo me, eye woadzo ɖe eƒe fesrewo nu anɔ xɔxlɔ̃m; eye akpaviãwo adzo ɖe fiasã la ƒe ʋɔtruwo nu. Mlɔeba la, ʋuƒo nyui siwo wotsɔ wɔ xɔa mee la atsi gota ŋdɔ naɖu.