Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 17:5 - Agbenya La

5 Woŋlɔ ŋkɔ si nye nya ɣaɣla la ɖe eƒe ŋgonu be: Babilonia gã la, gbolowo kple anyigbadziŋunyɔnuwo dada.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye woŋlɔ ŋkɔ, si nye nya ɣaɣla lã, ɖe eƒe ŋgonu bena: Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 17:5
18 Mawu Ofanana  

Woɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖe go abe Sodom ene, eye womeɣla wo o. Baba na wo! Wohe gbegblẽ va wo ɖokuiwo dzi.


“Eya ta wò gbolo, se Yehowa ƒe nya.


Woƒe nuwuwu anye tsɔtsrɔ̃, woƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe ŋutikɔkɔe nye woƒe ŋukpe. Wobua ta me tso anyigbadzinuwo ko ŋu.


Ke nu si ŋutsu aglãdzela sia awɔ ne eva la le edzi yim xoxo le bebeme, gake eya ŋutɔ mava o va se ɖe esime ame si le mɔ xem nɛ la do ɖa le mɔ me nɛ hafi.


Nu ɣaɣla si le ɣletivi adre siwo nèkpɔ melé ɖe nuɖusi kple sikakaɖiti adreawo me lae nye esi: Ɣletivi adreawo nye hame adreawo ƒe mawudɔlawo, eye sikakaɖiti adreawo nye hame adreawo.


Woƒe ŋutilã kukuawo amlɔ du gã la ƒe mɔtatawo dzi, du gã si wona ŋkɔe le nyamenya nu be Sodom kple Egipte, afi si woklã woƒe Aƒetɔ la ɖe ati ŋu le.


Mawudɔla evelia kplɔe ɖo le ɣli dom be, “Womui! Womu Babilonia Gã la, Babilonia si na dukɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoewain la.”


Du gã la ma ɖe akpa etɔ̃ me, eye dukɔwo ƒe duwo mu dze anyi. Mawu ɖo ŋku Babilonia Gã la dzi, eye wòtsɔ kplu si yɔ fũu kple eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe wain la nɛ.


Mawudɔla adreawo dometɔ ɖeka si lé kplu adreawo ɖe asi la va gblɔ nam be, “Va, mafia tohehe si woana gbolo gã si nɔ anyi ɖe tsi geɖewo dzi la wò.


Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigbadzitɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe wain mu.”


Tete mawudɔla la biam be, “Nu ka ta wò mo wɔ yaa ɖo? Maɖe nyɔnu la kple lã si dom wòle, lã si to ta adre kple dzo ewo la ƒe nu ɣaɣla me na wò.


Edo ɣli kple gbe gã aɖe be, “ ‘Womui! Womu Babilonia Gã la!’ Eva zu aƒe na gbɔgbɔ vɔ̃wo kple mɔ sesẽ na gbɔgbɔ makɔmakɔwo kple xadza na xevi makɔmakɔwo kple lã siwo womeɖuna o la,


Tete mawudɔla triakɔ aɖe tsɔ kpe aɖe si ƒe lolome anɔ abe wɔtute ene la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wògblɔ be, “Aleae woatsɔ dziku kple ŋusẽ aƒu Babilonia, du gã la anyii, eye magafɔ gbeɖe o.


elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe. Ebu fɔ gbolo gã la, ame si do gu anyigba to eƒe ahasiwɔwɔwo me. Ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dɔlawo ƒe ʋu ta.”


“Mègawɔ nu vevi aɖeke anyigba, atsiaƒu loo alo atiwo o, va se ɖe esime míatsɔ nutrenu aɖo ŋgonu na míaƒe Mawu la ƒe dɔlawo.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa