Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 16:12 - Agbenya La

12 Mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat tɔsisi gã la me, eye emetsi la katã mie, ne wòadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat-tɔsisi gã la dzi, eye eme tsi la mie, bene woadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 16:12
15 Mawu Ofanana  

Yehowa ana Egipte ƒu la namie, eye wòanye eƒe asi le Frat tɔsisi dzi kple ya xɔdzo sesẽ. Amae ɖe tɔʋu adre me ale be woate ŋu atsoe kple atokota gɔ̃ hã.


“Menyɔ ame aɖe tso anyiehe eye wòle mɔ dzi gbɔna. Ame si tso afi si ɣe dzena tsoe, eye wòyɔa nye ŋkɔ. Ame si fanya dziɖulawo abe anyi ene, efanya wo abe zemelae le anyi nyam ene.


Makaka towo kple togbɛwo, mana gbe damawo katã naƒu, mana tɔsisiwo nazu tɔdomekpowo, eye mana tɔʋuwo namie keŋkeŋ.


Ame si gblɔ na tɔ goglowo be, ‘Mimie, mana mia me tsiwo namie.’


meyɔ xeƒonu tso ɣedzeƒe, eye tso anyigba didi aɖe dzi. Meyɔ ame aɖe be wòana nye tameɖoɖowo nava eme. Nu si megblɔ la, eyae mana wòava eme. Nu si meɖo la, eya ke mawɔ.


eya ta Aƒetɔ la ana tɔsisi la ƒe tsi nyanyra sẽŋuwo ava kɔ ɖe wo dzi. Tɔɖɔɖɔ la anye Asiria fia le eƒe ŋɔdzi katã me. Tɔ la aɖɔ agbagba, eye wòage ɖe tɔʋuwo katã me;


Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maʋli tawò eye mabia hlɔ̃ na wò. Mana eƒe atsiaƒu namie ƒiaƒiaƒia eye eƒe vudowo me naƒu kplakplakpla.


Babadodo evelia nu va yi, ke etɔ̃lia gbɔna kpuie.


Mawudɔla la yi edzi gblɔ nam be, “Tsi siwo nèkpɔ, esiwo dzi gbolo la nɔ anyi ɖo la nye amewo, amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo.


Tete mekpɔ mawudɔla bubu tso ɣedzeƒe gbɔna, eye wòlé Mawu gbagbe la ƒe nutrenu ɖe asi. Eyɔ mawudɔla ene, ame siwo wona ŋusẽe be woawɔ nu vevi anyigba kple atsiaƒu la kple gbe sesẽ be,


Gbe la gblɔ na mawudɔla adelia si lé kpẽ la ɖe asi la be, “Ɖe ga mawudɔla ene siwo wobla da ɖe Frat tɔsisi gã la to la.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa