Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 15:6 - Agbenya La

6 Mawudɔla adre siwo lé dɔvɔ̃ adreawo ɖe asi la do tso gbedoxɔ la me. Wodo aklala biɖibiɖi ƒe awu dzadzɛwo, eye wotsɔ sikalidziblaka tso gae ɖe akɔta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 eye mawudɔla adre, siwo lé fuwɔame adreawo ɖe asi la, do go tso gbedoxɔ la me, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim kaŋkaŋ la, eye wotso sikalidziblanu bla woƒe akɔtawo.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 15:6
9 Mawu Ofanana  

mefɔ kɔ dzi eye ŋutsu aɖe si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye sika nyuitɔ si tso Ufaz ƒe alidziblanu le ali dzi nɛ la nɔ nye ŋkume.


Nu sia wɔ moya na wo ŋutɔ eya ta wonɔ tsitre ɖe yɔdoa to henɔ ta me bum le nu si dzɔ ŋu, kasia ame eve siwo do awu ɣi siwo nɔ dzo dam miamiamia la va do ɖe wo dome.


Ame aɖe tsi tsitre ɖe wo dome si ɖi Amegbetɔ Vi la. Edo awu ʋlaya aɖe, eye wòtsɔ sikalidziblaka aɖe bla akɔta.


Kasia mawudɔla bubu do tso gbedoxɔ la me, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ na ame si nɔ anyi ɖe lilikpo la dzi be, “Tsɔ wò nuxahɛ gobɛ la, eye nàxa nu, elabena nuŋeɣi ɖo, eye anyigba ƒe nukuwo ɖi hena xaxa.”


Mawudɔla bubu do tso gbedoxɔ si le dziƒo la me. Nuxahɛ gobɛ ɖaɖɛ nɔ eya hã ƒe asi me.


Eye mekpɔ dzesi gã wɔnuku bubu le dziƒo: mawudɔla siwo lé dɔvɔ̃ adre mamlɛawo ɖe asi, mamlɛawo, elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe nu le.


Wotsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu si le dzo dam, eye eŋuti kɔ la nɛ be wòado.” (Aklala biɖibiɖi nye dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ siwo ame kɔkɔeawo wɔ la ƒe dzesi.)


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa