Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 15:1 - Agbenya La

1 Eye mekpɔ dzesi gã wɔnuku bubu le dziƒo: mawudɔla siwo lé dɔvɔ̃ adre mamlɛawo ɖe asi, mamlɛawo, elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe nu le.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye mekpɔ dzesi bubu le lu dziƒo, si lolo, eye wòwɔ nuku; mawudɔla adre lé fuwɔame mamletɔ adreawo de asi; elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe la nu le.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 15:1
21 Mawu Ofanana  

Eɖea ame eye wòxɔna na ame. Le dziƒowo kple anyigba dzi siaa. Eɖe Daniel tso dzatawo ƒe asi me.”


“Ne miagaɖo tom ɣe ma ɣi hã o la, mana dɔvɔ̃ bubu adre nava mia dzi ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta.


eye wòdo ɣli sesẽ aɖe abe dzata ƒe gbeɖeɖe ene. Esi wòdo ɣlia la, dziɖegbe adreawo ƒe gbe ɖi.


Babadodo evelia nu va yi, ke etɔ̃lia gbɔna kpuie.


eya hã ano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wain si wokɔ ɖe Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ƒe kplu la me wòyɔ banaa la. Woawɔ funyafunyae kple aŋɔdzo le mawudɔla kɔkɔeawo kple Alẽvi la ŋkume,


Mawudɔla la nye eƒe nuxahɛ gobɛ la ɖe anyigba dzi, eye wòxa eƒe wain tsetsewo hetsɔ wo trɔ ɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wainfiaƒe gã la.


Eye mese gbe gã aɖe tso gbedoxɔ la me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo be, “Miyi ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu adreawo kɔ ɖe anyigba dzi.”


Mawudɔla adreawo dometɔ ɖeka si lé kplu adreawo ɖe asi la va gblɔ nam be, “Va, mafia tohehe si woana gbolo gã si nɔ anyi ɖe tsi geɖewo dzi la wò.


Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nu me, esi wòatsɔ adza dukɔwo akɔ ɖi; atsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helĩhelĩ.


Mawudɔla adre siwo lé kplu adre siwo me dɔvɔ̃ adre mamlɛawo le la dometɔ ɖeka va gblɔ nam be, “Va, ne mafia ŋugbetɔ si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò.”


Esi mele nu siawo kpɔm la, mese hɔ̃ aɖe si nɔ dzodzom le dziƒo titina la gblɔ kple gbe gã aɖe be, “Babaa! Babaa! Babaa na anyigbadzinɔlawo le kpẽ siwo mawudɔla etɔ̃ mamlɛawo ava ku la ta!”


eye mekpɔ mawudɔla adre siwo nɔ tsitre ɖe Mawu ŋkume la, eye wotsɔ kpẽ adre na wo.


Mawudɔla adre siwo wotsɔ kpẽ adreawo na la nɔ klalo na wo kuku.


Amegbetɔƒomea si susɔ, ame siwo dɔvɔ̃ siawo mewu o la gbe tɔtrɔ le woƒe asiwo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. Wogbe be yewomaɖe asi le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ, sika, klosalo, akɔbli, kpe kple ati legba siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu loo alo zɔna o la subɔsubɔ ŋuti o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa