Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 14:8 - Agbenya La

8 Mawudɔla evelia kplɔe ɖo le ɣli dom be, “Womui! Womu Babilonia Gã la, Babilonia si na dukɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoewain la.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye mawudɔla bubu, si nye evelia la, dze eyome le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Du, si na dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 14:8
17 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe le tasiaɖam me kple sɔdolawo ƒe ha gbɔna, eye wòna ŋuɖoɖo siam be, ‘Babilonia mu, gamu. Wogbã eƒe legbawo katã ƒu anyi.’ ”


Du gã la ma ɖe akpa etɔ̃ me, eye dukɔwo ƒe duwo mu dze anyi. Mawu ɖo ŋku Babilonia Gã la dzi, eye wòtsɔ kplu si yɔ fũu kple eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe wain la nɛ.


Woƒe ŋutilã kukuawo amlɔ du gã la ƒe mɔtatawo dzi, du gã si wona ŋkɔe le nyamenya nu be Sodom kple Egipte, afi si woklã woƒe Aƒetɔ la ɖe ati ŋu le.


elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe. Ebu fɔ gbolo gã la, ame si do gu anyigba to eƒe ahasiwɔwɔwo me. Ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dɔlawo ƒe ʋu ta.”


Nyɔnu si nèkpɔ la, eyae nye du gã si le anyigbadzifiawo dzi ɖum.”


Naneke mate ŋu awu abi si nèxɔ la o, elabena edzi ŋɔ ŋutɔ. Ame sia ame si ase wò anyidzedze la, aƒo asikpe ɖe tawò, elabena ame kae mekpɔ gome le wò ŋutasesẽ gbogboawo me o?


egblɔ be, “Ɖe menye esiae nye Babilonia gã si metu abe nye fia la ƒe nɔƒe to nye ŋusẽ triakɔ kple nye fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe me ene oa?”


Ekema nàgblɔ be, ‘Alea Babilonia adze toe eye magaho ɖe dzi akpɔ o, le gbegblẽ si mahe va edzii la ta. Eƒe amewo hã atsi aʋa.’ ” Yeremia ƒe nyawo wu nu ɖe afii.


Esia nye ŋutega si Mawu ɖe fia Yesaya, Amoz ƒe vi la, tso Babilonia ƒe gbegblẽ ŋuti.


Esia nye nya si Yehowa gblɔ to Nyagblɔɖila Yeremia dzi ku ɖe Babilonia kple Babiloniatɔwo ƒe anyigba ŋuti:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa