Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 13:18 - Agbenya La

18 Esia hiã nunya. Ne sidzedze le ame aɖe si la, nebu lã wɔadã la ƒe xexlẽme kpɔ, elabena enye ame ƒe xexlẽme ƒe dzesi. Eƒe xexlẽme ƒe dzesie nye alafa ade blaade-vɔ-ade.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Afii nunya le! Amesi ke si gɔmesese le la, nèbu lã la ƒe xexlẽme kpɔ; elabena ame ƒe xexlẽme wònye, eye eƒe xexlẽme enye alafa ade kple blaade vɔ ade.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 13:18
10 Mawu Ofanana  

Ame si nye nunyala la, neɖo to nu siawo, eye wòabu Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ŋuti.


Woakɔ ame geɖewo ŋu, awɔ wo dzadzɛe, ɖiƒoƒo aɖeke manɔ wo ŋu o gake ame vɔ̃ɖiwo ya aganɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi ko. Ame vɔ̃ɖi aɖeke mase egɔme o gake nunyalawo ya ase egɔme.


Ame sia ame si si nunya le la, ase nu siawo gɔme. Ame sia ame si bua ta me la, neɖo to, elabena Yehowa ƒe mɔwo le dzɔdzɔe, eye ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi, ke nu vɔ̃ wɔlawo ya akli nu, adze anyi.


“Nenye be miekpɔ ŋunyɔnu si gbãa aƒe wòle tsitre ɖe afi si mele be wòanɔ o la, nɔvi nuxlẽla, se egɔme ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi.


Gake ne míaƒe madzɔmadzɔnyenye ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia nyuie ɖe, nya ka míagblɔ? Ɖe míagblɔ be Mawu mewɔ nu dzɔdzɔe to eƒe dɔmedzoehehe va mía dzi me oa? (Mele nu ƒom abe amegbetɔ ene.)


(Ɔg, Basan fiae nye ame dzɔtsu, Refaimtɔwo ƒe mamlɛtɔ. Wotsɔ eƒe gabati dzra ɖo ɖe nuwo dzraɖoƒe le Raba, si nye Amonitɔwo ƒe duwo dometɔ ɖeka me. Gabati sia didi afɔ wuietɔ̃ kple afã, eye wòkeke afɔ ade.)


Woayra ame si xlẽ nyagblɔɖi sia me nyawo, woayra ame siwo see, eye wotsɔ emenyawo de woƒe dzi me la, elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.


Azɔ la, mekpɔ nane si le abe atsiaƒu si le abe ahuhɔ̃e si me biã hẽe abe dzo ene la, eye ame siwo ɖu lã wɔadã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽmedzesi dzi la le tsitre ɖe atsiaƒu la to. Wolé kasaŋku siwo Mawu tsɔ na wo la ɖe asi,


“Nya sia hiã na susu si me nunya le. Ta adreawo nye togbɛ adre siwo dzi nyɔnu la nɔ anyi ɖo la. Woganye fia adrewo hã.


Edzidze gli la ƒe titrime, eye le amegbetɔ ƒe dzidzeka si mawudɔla la lé la nu la, titrime la le mita blaade-vɔ-atɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa