Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 13:12 - Agbenya La

12 Ewɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe dziɖuɖuŋusẽwo katã ŋu dɔ ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe, eye wòna be anyigba kple edzinɔlawo katã nasubɔ lã wɔadã gbãtɔ, ame si ƒe kubi wowɔ wòku la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye wòwɔ lã gbãtɔ ƒe ŋusẽdɔwo katã le eƒe ŋku me. Eye wòwɔ anyigba la kple amesiwo nɔ edzi la bena, woadze klo asubɔ lã gbãtɔ, si ƒe kubi wowɔ wòku la.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 13:12
12 Mawu Ofanana  

Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu, eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene, eye wòable amewo be yee nye Mawu.


Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle, gake eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata tɔ ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la.


Anyigbadzitɔwo katã asubɔ lã wɔadã la, ame siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe Alẽvi si wowu tso xexea me ƒe gɔmedzedze ke la ƒe agbegbalẽ la me o.


eye woƒe fuwɔame ƒe dzudzɔ atu ayi dziƒo tso mavɔ me yi mavɔ me. Dzudzɔ aɖeke meli na ame siwo subɔ lã wɔadã la kple eƒe legba la zã kple keli, alo na ame si xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi ɖe eƒe ŋgonu o.”


Mawudɔla etɔ̃lia kplɔ wo ɖo le gbɔgblɔm kple gbe gã aɖe be, “Ne ame aɖe asubɔ lã wɔadã la kple eƒe legba, eye wòaxɔ eƒe dzesi ɖe ŋgonu alo eƒe asi ŋuti la,


Mawudɔla gbãtɔ yi ɖatrɔ eƒe kplu la kɔ ɖe anyigba dzi, eye dɔvɔ̃ la na be abi makumaku kple abi si nana wosea veve la kaka ɖe ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, eye wosubɔ eƒe legba la dome.


Lã si nèkpɔ la nɔ anyi tsã, gake megali fifia o, eye ado tso ʋe globo la me ayi eƒe tsɔtsrɔ̃ la me. Anyigbadzitɔ siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me o la ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la, elabena enɔ anyi tsã, ke megali fifia o, gake agatrɔ ava.


Ke wolé lã wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la, ame si wɔ nukunu geɖewo le eƒe ŋkɔ me. Etsɔ dzesi siawo ble ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, ame siwo hã subɔ eƒe legba la. Wotsɔ wo kple eve la katã ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me agbagbee.


Mekpɔ fiazikpui siwo dzi ame siwo wona ŋusẽe be woadrɔ̃ ʋɔnu la nɔ, eye mekpɔ ame siwo nu wotso ta le, le woƒe ɖaseɖiɖi na Yesu kple Mawu ƒe nya la ta la ƒe luʋɔwo. Mekpɔ ame siwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o la. Wogbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo hena ƒe akpe ɖeka (1,000).


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa