Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 12:5 - Agbenya La

5 Nyɔnu la dzi ŋutsuvi, ame si ava aɖu dukɔwo katã dzi kple gatikplɔ. Tete woxɔ ɖevi la le esi kaba tsɔ yi ɖe Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wòdzi ŋutsuvi, si latsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo katã; eye wotsɔ via yi Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 12:5
14 Mawu Ofanana  

“Edzi vi hafi lé ku. Edzi ŋutsuvi hafi fu ɖui.


Eya ta Aƒetɔ la ŋutɔ ana dzesi mi. Ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ o la afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi, ana ŋkɔe be Imanuel.


O, va se ɖe ɣe ka ɣie nàtsa tsaglãla, wò vinyɔnu mawɔnuteƒe? Yehowa le nu yeye wɔ ge le anyigba dzi, nyɔnu aʋli ŋutsu ta.”


Mawu aɖe asi le Israel ŋuti na eƒe futɔwo va se ɖe esime nyɔnu si fu le ɖuɖum la nadzi vi; eye Israelvi siwo susɔ ɖe aboyo me la natrɔ gbɔ akpe ɖe wo nɔviwo ŋuti anɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.


Ke Yosef mede asi eŋu o, va se ɖe esime wòdzi viŋutsuvi la, eye wòna ŋkɔe be Yesu.


Esi Aƒetɔ Yesu wu nya siawo nu la, wokɔe dzoe yi dziƒo eye wòɖanɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime.


Menya ŋutsu aɖe le Kristo me. Anɔ abe ƒe wuienee nye esia ene la, eɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o, alo menɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae. Wokɔ nenem me sia yi dziƒo etɔ̃lia.


Le afi ma la, wose nya siwo wɔ nuku ale gbegbe be wogbɔ amegbetɔwo ƒe susu kple gɔmesese ŋu yi, eye womeɖe mɔ be woagblɔ wo na ame aɖeke o.


Tete wose gbe gã aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Miva dziƒo afii.” Ale woyi dziƒo le lilikpo me, eye woƒe futɔwo da ŋku ɖe wo dzi.


Esi ʋɔ driba la kpɔ be wotsɔ ye ƒu gbe ɖe anyigba la, eti nyɔnu si dzi ŋutsuvi la yome.


Fu nɔ eƒo, eye wònɔ ɣli dom esi wònɔ ku lém be yeadzi vi.


Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nu me, esi wòatsɔ adza dukɔwo akɔ ɖi; atsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helĩhelĩ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa