Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 12:10 - Agbenya La

10 Tete mese gbe sesẽ aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Azɔ ko míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe, ŋusẽ kple fiaɖuƒe la kple eƒe Kristo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋusẽ la va ɖo, elabena wotsɔ mía nɔviawo nu tsola, ame si nɔa wo nu tsom zã kple keli le Mawu ŋkume la ƒu gbe ɖe anyigba.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye mese gbe gãa ɖe le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Azɔ xɔname kple ŋusẽ kpakple fiaɖuƒe la zu mía Mawu la tɔ, eye ŋusẽ la zu eƒe Kristo la tɔ; elabena wotsɔ mia nɔviwo nutsola, si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli la, ƒu gbe.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 12:10
24 Mawu Ofanana  

Tɔwòe nye ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, dziɖuɖu kple gãnyenye. Oo, Yehowa, tɔwòe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi, míekafu wò be nu sia nu le wò dzikpɔkpɔ te.


Ke do wò asi ɖa, ne nàxlã asi ɖe nu siwo katã le esi, ekema le nyateƒe me aƒo fi ade wò le wò ŋutɔ wò ŋkume.”


Ke Satana bia Mawu be, “Ɖe Hiob vɔ̃a Mawu dzodzroa?


Do wò asi ɖa eye nàtu nu kple eƒe ŋutilã kple eƒe ƒuwo, ekema nàkpɔe ɖa be mado ɖiŋu na wò le wò ŋutɔ wò ŋkume o mahã?”


Elabena fiaɖuɖu la nye Yehowa tɔ, eye wòɖu fia ɖe dukɔwo dzi.


O! Mawu, wò fiazikpui ali ke tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, wò fiaɖuƒe la ƒe tsiamiti anye nuteƒewɔwɔ ƒe atikplɔ.


“Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Azɔ Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “Ɛ̃, nye tututue, eye madidi o la, miakpɔ nye Amegbetɔ Vi la manɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye matrɔ ava le dziƒo ƒe lilikpowo me.”


Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba la katã de asi nam,


wò fiaɖuƒe neva, woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene.


Yesu gblɔ na wo be, “Ale miado gbe ɖae nye esi: “ ‘Fofo, woade bubu wò ŋkɔ ŋuti, wò fiaɖuƒe neva.


Yesu gblɔ na Petro be, “Simɔn, Simɔn, Satana le mi katã dim be yeagbɔ mi abe ale si wogbɔa bli ene.


Miyɔ Hametakpekpe gã eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me. Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ kple nye gbɔgbɔ anɔ mia dome le takpekpea me.


Ke ɣe sia ɣi la, Aƒetɔ la gblɔna nam be, “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò, elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la dzi.” Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye.


Nenema ke, fia nyɔnu tsitsiwo be woafa tu, eye woabu ame le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam, nɔa nya vlowo gblɔm tso amewo ŋu la o, eye womanye ahatsunolawo hã o.


Miɖu mia ɖokuiwo dzi, eye minɔ ŋudzɔ. Miaƒe futɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe tem, le nu dim ne wòavuvu la ene.


Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la, eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒo nutowo me bena, “Xexea me ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”


Ame si ɖu dzi, eye wòwɔ nye lɔlɔ̃nu va se ɖe nuwuwu la, eyae mana ŋusẽe ɖe dukɔwo dzi,


Wole ɣli dom kple gbe sesẽ be, “Xɔname nye míaƒe Mawu la tɔ, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi, kple Alẽvi la tɔ.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa